< Marko 14 >

1 Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.
Ἦν δὲ τὸ πάσχα καὶ τὰ ἄζυμα μετὰ δύο ἡμέρας. καὶ ἐζήτουν οἱ ἀρχιερεῖς καὶ οἱ γραμματεῖς πῶς αὐτὸν ἐν δόλῳ κρατήσαντες ἀποκτείνωσιν.
2 Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”
ἔλεγον γάρ Μὴ ἐν τῇ ἑορτῇ, μή ποτε ἔσται θόρυβος τοῦ λαοῦ.
3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.
Καὶ ὄντος αὐτοῦ ἐν Βηθανίᾳ ἐν τῇ οἰκίᾳ Σίμωνος τοῦ λεπροῦ, κατακειμένου αὐτοῦ ἦλθεν γυνὴ ἔχουσα ἀλάβαστρον μύρου νάρδου πιστικῆς πολυτελοῦς· συντρίψασα τὴν ἀλάβαστρον κατέχεεν αὐτοῦ τῆς κεφαλῆς.
4 Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋuti wògblẽ ami xɔasi sia ɖo?
ἦσαν δέ τινες ἀγανακτοῦντες πρὸς ἑαυτούς Εἰς τί ἡ ἀπώλεια αὕτη τοῦ μύρου γέγονεν;
5 Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie.
ἠδύνατο γὰρ τοῦτο τὸ μύρον πραθῆναι ἐπάνω δηναρίων τριακοσίων καὶ δοθῆναι τοῖς πτωχοῖς· καὶ ἐνεβριμῶντο αὐτῇ.
6 Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam.
ὁ δὲ Ἰησοῦς εἶπεν Ἄφετε αὐτήν· τί αὐτῇ κόπους παρέχετε; καλὸν ἔργον ἠργάσατο ἐν ἐμοί.
7 Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.
πάντοτε γὰρ τοὺς πτωχοὺς ἔχετε μεθ’ ἑαυτῶν, καὶ ὅταν θέλητε δύνασθε αὐτοῖς εὖ ποιῆσαι, ἐμὲ δὲ οὐ πάντοτε ἔχετε.
8 “Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ.
ὃ ἔσχεν ἐποίησεν· προέλαβεν μυρίσαι τὸ σῶμά μου εἰς τὸν ἐνταφιασμόν.
9 Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.”
ἀμὴν δὲ λέγω ὑμῖν, ὅπου ἐὰν κηρυχθῇ τὸ εὐαγγέλιον εἰς ὅλον τὸν κόσμον, καὶ ὃ ἐποίησεν αὕτη λαληθήσεται εἰς μνημόσυνον αὐτῆς.
10 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.
Καὶ Ἰούδας Ἰσκαριὼθ, ὁ εἷς τῶν δώδεκα, ἀπῆλθεν πρὸς τοὺς ἀρχιερεῖς ἵνα αὐτὸν παραδοῖ αὐτοῖς.
11 Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.
οἱ δὲ ἀκούσαντες ἐχάρησαν καὶ ἐπηγγείλαντο αὐτῷ ἀργύριον δοῦναι. καὶ ἐζήτει πῶς αὐτὸν εὐκαίρως παραδοῖ.
12 Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
Καὶ τῇ πρώτῃ ἡμέρᾳ τῶν ἀζύμων, ὅτε τὸ πάσχα ἔθυον, λέγουσιν αὐτῷ οἱ μαθηταὶ αὐτοῦ Ποῦ θέλεις ἀπελθόντες ἑτοιμάσωμεν ἵνα φάγῃς τὸ πάσχα;
13 Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta.
καὶ ἀποστέλλει δύο τῶν μαθητῶν αὐτοῦ καὶ λέγει αὐτοῖς Ὑπάγετε εἰς τὴν πόλιν, καὶ ἀπαντήσει ὑμῖν ἄνθρωπος κεράμιον ὕδατος βαστάζων· ἀκολουθήσατε αὐτῷ,
14 Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’
καὶ ὅπου ἐὰν εἰσέλθῃ εἴπατε τῷ οἰκοδεσπότῃ ὅτι Ὁ Διδάσκαλος λέγει Ποῦ ἐστιν τὸ κατάλυμά μου, ὅπου τὸ πάσχα μετὰ τῶν μαθητῶν μου φάγω;
15 Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.”
καὶ αὐτὸς ὑμῖν δείξει ἀνάγαιον μέγα ἐστρωμένον ἕτοιμον· καὶ ἐκεῖ ἑτοιμάσατε ἡμῖν.
16 Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
καὶ ἐξῆλθον οἱ μαθηταὶ καὶ ἦλθον εἰς τὴν πόλιν καὶ εὗρον καθὼς εἶπεν αὐτοῖς, καὶ ἡτοίμασαν τὸ πάσχα.
17 Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo.
Καὶ ὀψίας γενομένης ἔρχεται μετὰ τῶν δώδεκα.
18 Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”
καὶ ἀνακειμένων αὐτῶν καὶ ἐσθιόντων ὁ Ἰησοῦς εἶπεν Ἀμὴν λέγω ὑμῖν ὅτι εἷς ἐξ ὑμῶν παραδώσει με, ὁ ἐσθίων μετ’ ἐμοῦ.
19 Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?”
ἤρξαντο λυπεῖσθαι καὶ λέγειν αὐτῷ εἷς κατὰ εἷς Μήτι ἐγώ;
20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge.
ὁ δὲ εἶπεν αὐτοῖς Εἷς τῶν δώδεκα, ὁ ἐμβαπτόμενος μετ’ ἐμοῦ εἰς τὸ τρύβλιον.
21 Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
ὅτι ὁ μὲν Υἱὸς τοῦ ἀνθρώπου ὑπάγει καθὼς γέγραπται περὶ αὐτοῦ· οὐαὶ δὲ τῷ ἀνθρώπῳ ἐκείνῳ δι’ οὗ ὁ Υἱὸς τοῦ ἀνθρώπου παραδίδοται· καλὸν αὐτῷ εἰ οὐκ ἐγεννήθη ὁ ἄνθρωπος ἐκεῖνος.
22 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”
Καὶ ἐσθιόντων αὐτῶν λαβὼν ἄρτον εὐλογήσας ἔκλασεν καὶ ἔδωκεν αὐτοῖς καὶ εἶπεν Λάβετε· τοῦτό ἐστιν τὸ σῶμά μου.
23 Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu.
καὶ λαβὼν ποτήριον εὐχαριστήσας ἔδωκεν αὐτοῖς, καὶ ἔπιον ἐξ αὐτοῦ πάντες.
24 Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta.
καὶ εἶπεν αὐτοῖς Τοῦτό ἐστιν τὸ αἷμά μου τῆς διαθήκης τὸ ἐκχυννόμενον ὑπὲρ πολλῶν.
25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”
ἀμὴν λέγω ὑμῖν ὅτι οὐκέτι οὐ μὴ πίω ἐκ τοῦ γενήματος τῆς ἀμπέλου ἕως τῆς ἡμέρας ἐκείνης ὅταν αὐτὸ πίνω καινὸν ἐν τῇ βασιλείᾳ τοῦ Θεοῦ.
26 Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Καὶ ὑμνήσαντες ἐξῆλθον εἰς τὸ ὄρος τῶν Ἐλαιῶν.
27 Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo akaka gbẽe.’
Καὶ λέγει αὐτοῖς ὁ Ἰησοῦς ὅτι Πάντες σκανδαλισθήσεσθε, ὅτι γέγραπται Πατάξω τὸν ποιμένα, καὶ τὰ πρόβατα διασκορπισθήσονται.
28 Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”
ἀλλὰ μετὰ τὸ ἐγερθῆναί με προάξω ὑμᾶς εἰς τὴν Γαλιλαίαν.
29 Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”
ὁ δὲ Πέτρος ἔφη αὐτῷ Εἰ καὶ πάντες σκανδαλισθήσονται, ἀλλ’ οὐκ ἐγώ.
30 Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
καὶ λέγει αὐτῷ ὁ Ἰησοῦς Ἀμὴν λέγω σοι ὅτι σὺ σήμερον ταύτῃ τῇ νυκτὶ πρὶν ἢ δὶς ἀλέκτορα φωνῆσαι τρίς με ἀπαρνήσῃ.
31 Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.
ὁ δὲ ἐκπερισσῶς ἐλάλει Ἐὰν δέῃ με συναποθανεῖν σοι, οὐ μή σε ἀπαρνήσομαι. ὡσαύτως δὲ καὶ πάντες ἔλεγον.
32 Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.”
Καὶ ἔρχονται εἰς χωρίον οὗ τὸ ὄνομα Γεθσημανεί, καὶ λέγει τοῖς μαθηταῖς αὐτοῦ Καθίσατε ὧδε ἕως προσεύξωμαι.
33 Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.
καὶ παραλαμβάνει τὸν Πέτρον καὶ τὸν Ἰάκωβον καὶ τὸν Ἰωάνην μετ’ αὐτοῦ, καὶ ἤρξατο ἐκθαμβεῖσθαι καὶ ἀδημονεῖν,
34 Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.”
καὶ λέγει αὐτοῖς Περίλυπός ἐστιν ἡ ψυχή μου ἕως θανάτου· μείνατε ὧδε καὶ γρηγορεῖτε.
35 Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.
καὶ προελθὼν μικρὸν ἔπιπτεν ἐπὶ τῆς γῆς, καὶ προσηύχετο ἵνα εἰ δυνατόν ἐστιν παρέλθῃ ἀπ’ αὐτοῦ ἡ ὥρα,
36 Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
καὶ ἔλεγεν Ἀββᾶ ὁ Πατήρ, πάντα δυνατά σοι· παρένεγκε τὸ ποτήριον τοῦτο ἀπ’ ἐμοῦ· ἀλλ’ οὐ τί ἐγὼ θέλω ἀλλὰ τί σύ.
37 Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa?
καὶ ἔρχεται καὶ εὑρίσκει αὐτοὺς καθεύδοντας, καὶ λέγει τῷ Πέτρῳ Σίμων, καθεύδεις; οὐκ ἴσχυσας μίαν ὥραν γρηγορῆσαι;
38 Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
γρηγορεῖτε καὶ προσεύχεσθε, ἵνα μὴ ἔλθητε εἰς πειρασμόν· τὸ μὲν πνεῦμα πρόθυμον, ἡ δὲ σὰρξ ἀσθενής.
39 Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia.
καὶ πάλιν ἀπελθὼν προσηύξατο τὸν αὐτὸν λόγον εἰπών.
40 Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o.
καὶ πάλιν ἐλθὼν εὗρεν αὐτοὺς καθεύδοντας, ἦσαν γὰρ αὐτῶν οἱ ὀφθαλμοὶ καταβαρυνόμενοι, καὶ οὐκ ᾔδεισαν τί ἀποκριθῶσιν αὐτῷ.
41 Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
καὶ ἔρχεται τὸ τρίτον καὶ λέγει αὐτοῖς Καθεύδετε τὸ λοιπὸν καὶ ἀναπαύεσθε· ἀπέχει· ἦλθεν ἡ ὥρα, ἰδοὺ παραδίδοται ὁ Υἱὸς τοῦ ἀνθρώπου εἰς τὰς χεῖρας τῶν ἁμαρτωλῶν.
42 Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!”
ἐγείρεσθε ἄγωμεν· ἰδοὺ ὁ παραδιδούς με ἤγγικεν.
43 Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ.
Καὶ εὐθὺς ἔτι αὐτοῦ λαλοῦντος παραγίνεται ὁ Ἰούδας εἷς τῶν δώδεκα, καὶ μετ’ αὐτοῦ ὄχλος μετὰ μαχαιρῶν καὶ ξύλων παρὰ τῶν ἀρχιερέων καὶ τῶν γραμματέων καὶ τῶν πρεσβυτέρων.
44 Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.”
δεδώκει δὲ ὁ παραδιδοὺς αὐτὸν σύσσημον αὐτοῖς λέγων Ὃν ἂν φιλήσω αὐτός ἐστιν· κρατήσατε αὐτὸν καὶ ἀπάγετε ἀσφαλῶς.
45 Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ.
καὶ ἐλθὼν εὐθὺς προσελθὼν αὐτῷ λέγει Ῥαββεί, καὶ κατεφίλησεν αὐτόν·
46 Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe.
οἱ δὲ ἐπέβαλαν τὰς χεῖρας αὐτῷ καὶ ἐκράτησαν αὐτόν.
47 Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba.
εἷς δέ τις τῶν παρεστηκότων σπασάμενος τὴν μάχαιραν ἔπαισεν τὸν δοῦλον τοῦ ἀρχιερέως καὶ ἀφεῖλεν αὐτοῦ τὸ ὠτάριον.
48 Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma?
καὶ ἀποκριθεὶς ὁ Ἰησοῦς εἶπεν αὐτοῖς Ὡς ἐπὶ λῃστὴν ἐξήλθατε μετὰ μαχαιρῶν καὶ ξύλων συλλαβεῖν με·
49 Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.”
καθ’ ἡμέραν ἤμην πρὸς ὑμᾶς ἐν τῷ ἱερῷ διδάσκων, καὶ οὐκ ἐκρατήσατέ με· ἀλλ’ ἵνα πληρωθῶσιν αἱ γραφαί.
50 Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.
καὶ ἀφέντες αὐτὸν ἔφυγον πάντες.
51 Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la,
Καὶ νεανίσκος τις συνηκολούθει αὐτῷ περιβεβλημένος σινδόνα ἐπὶ γυμνοῦ, καὶ κρατοῦσιν αὐτόν·
52 esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi.
ὁ δὲ καταλιπὼν τὴν σινδόνα γυμνὸς ἔφυγεν.
53 Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
Καὶ ἀπήγαγον τὸν Ἰησοῦν πρὸς τὸν ἀρχιερέα, καὶ συνέρχονται πάντες οἱ ἀρχιερεῖς καὶ οἱ πρεσβύτεροι καὶ οἱ γραμματεῖς.
54 Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum.
καὶ ὁ Πέτρος ἀπὸ μακρόθεν ἠκολούθησεν αὐτῷ ἕως ἔσω εἰς τὴν αὐλὴν τοῦ ἀρχιερέως, καὶ ἦν συνκαθήμενος μετὰ τῶν ὑπηρετῶν καὶ θερμαινόμενος πρὸς τὸ φῶς.
55 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.
Οἱ δὲ ἀρχιερεῖς καὶ ὅλον τὸ συνέδριον ἐζήτουν κατὰ τοῦ Ἰησοῦ μαρτυρίαν εἰς τὸ θανατῶσαι αὐτόν, καὶ οὐχ ηὕρισκον·
56 Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
πολλοὶ γὰρ ἐψευδομαρτύρουν κατ’ αὐτοῦ, καὶ ἴσαι αἱ μαρτυρίαι οὐκ ἦσαν.
57 Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be,
καί τινες ἀναστάντες ἐψευδομαρτύρουν κατ’ αὐτοῦ λέγοντες
58 “Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
ὅτι Ἡμεῖς ἠκούσαμεν αὐτοῦ λέγοντος ὅτι Ἐγὼ καταλύσω τὸν ναὸν τοῦτον τὸν χειροποίητον καὶ διὰ τριῶν ἡμερῶν ἄλλον ἀχειροποίητον οἰκοδομήσω.
59 Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo.
καὶ οὐδὲ οὕτως ἴση ἦν ἡ μαρτυρία αὐτῶν.
60 Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”
καὶ ἀναστὰς ὁ ἀρχιερεὺς εἰς μέσον ἐπηρώτησεν τὸν Ἰησοῦν λέγων Οὐκ ἀποκρίνῃ οὐδέν; τί οὗτοί σου καταμαρτυροῦσιν;
61 Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”
ὁ δὲ ἐσιώπα καὶ οὐκ ἀπεκρίνατο οὐδέν. πάλιν ὁ ἀρχιερεὺς ἐπηρώτα αὐτὸν καὶ λέγει αὐτῷ Σὺ εἶ ὁ Χριστὸς ὁ Υἱὸς τοῦ Εὐλογητοῦ;
62 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”
ὁ δὲ Ἰησοῦς εἶπεν Ἐγώ εἰμι, καὶ ὄψεσθε τὸν Υἱὸν τοῦ ἀνθρώπου ἐκ δεξιῶν καθήμενον τῆς δυνάμεως καὶ ἐρχόμενον μετὰ τῶν νεφελῶν τοῦ οὐρανοῦ.
63 Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua?
ὁ δὲ ἀρχιερεὺς διαρρήξας τοὺς χιτῶνας αὐτοῦ λέγει Τί ἔτι χρείαν ἔχομεν μαρτύρων;
64 Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.” Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.”
ἠκούσατε τῆς βλασφημίας· τί ὑμῖν φαίνεται; οἱ δὲ πάντες κατέκριναν αὐτὸν ἔνοχον εἶναι θανάτου.
65 Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.
Καὶ ἤρξαντό τινες ἐμπτύειν αὐτῷ καὶ περικαλύπτειν αὐτοῦ τὸ πρόσωπον καὶ κολαφίζειν αὐτὸν καὶ λέγειν αὐτῷ Προφήτευσον, καὶ οἱ ὑπηρέται ῥαπίσμασιν αὐτὸν ἔλαβον.
66 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum.
Καὶ ὄντος τοῦ Πέτρου κάτω ἐν τῇ αὐλῇ ἔρχεται μία τῶν παιδισκῶν τοῦ ἀρχιερέως,
67 Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”
καὶ ἰδοῦσα τὸν Πέτρον θερμαινόμενον ἐμβλέψασα αὐτῷ λέγει Καὶ σὺ μετὰ τοῦ Ναζαρηνοῦ ἦσθα τοῦ Ἰησοῦ.
68 Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu.
ὁ δὲ ἠρνήσατο λέγων Οὔτε οἶδα οὔτε ἐπίσταμαι σὺ τί λέγεις. καὶ ἐξῆλθεν ἔξω εἰς τὸ προαύλιον·
69 Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.”
καὶ ἡ παιδίσκη ἰδοῦσα αὐτὸν ἤρξατο πάλιν λέγειν τοῖς παρεστῶσιν ὅτι Οὗτος ἐξ αὐτῶν ἐστιν.
70 Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!”
ὁ δὲ πάλιν ἠρνεῖτο. καὶ μετὰ μικρὸν πάλιν οἱ παρεστῶτες ἔλεγον τῷ Πέτρῳ Ἀληθῶς ἐξ αὐτῶν εἶ· καὶ γὰρ Γαλιλαῖος εἶ.
71 Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.”
ὁ δὲ ἤρξατο ἀναθεματίζειν καὶ ὀμνύναι ὅτι Οὐκ οἶδα τὸν ἄνθρωπον τοῦτον ὃν λέγετε.
72 Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.
καὶ εὐθὺς ἐκ δευτέρου ἀλέκτωρ ἐφώνησεν. καὶ ἀνεμνήσθη ὁ Πέτρος τὸ ῥῆμα ὡς εἶπεν αὐτῷ ὁ Ἰησοῦς ὅτι Πρὶν ἀλέκτορα δὶς φωνῆσαι τρίς με ἀπαρνήσῃ· καὶ ἐπιβαλὼν ἔκλαιεν.

< Marko 14 >