< Marko 12 >
1 Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me.
Then Jesus began to teach them in parables. He said, “A man planted a vineyard, put a hedge around it, and dug a pit for a winepress. He built a watchtower and then leased the vineyard to vine growers. Then he went away on a journey.
2 Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye,
At the right time, he sent a servant to the vine growers to receive from them some of the fruit of the vineyard.
3 gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
But they took him, beat him, and sent him away with nothing.
4 “Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu ɖa, gake woƒo eya hã, de abi eƒe ta ŋu, hedo ŋukpee.
Again he sent to them another servant, and they wounded him in the head and treated him shamefully.
5 Ame si wògaɖo ɖa la, wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi la, woƒo ame dɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe
He sent yet another, and this one they killed. They treated many others in the same way, beating some and killing others.
6 esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ɔ si wòlɔ̃ vevie la. Mlɔeba la, eɖo eya hã ɖa, kple susu be woade bubu eŋu.
He had still one more person to send, a beloved son. He was the last one he sent to them. He said, 'They will respect my son.'
7 “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”
But the vine growers said to one another, 'This is the heir. Come, let us kill him, and the inheritance will be ours.'
8 Ale wolée hewui, eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agble la godo.
They seized him, killed him, and threw him out of the vineyard.
9 “Nu ka miebu be agbleatɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe, ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã, eye wòatsɔ agble la ade ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.
Therefore, what will the owner of the vineyard do? He will come and destroy the vine growers and will give the vineyard to others.
10 Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?
Have you not read this scripture? 'The stone which the builders rejected has been made the cornerstone.
11 Aƒetɔ lae wɔ nu sia, eye wònye nukunu le mía ŋkume.’”
This was from the Lord, and it is marvelous in our eyes.'”
12 Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ.
They sought to arrest Jesus, but they feared the crowd, for they knew that he had spoken this parable against them. So they left him and went away.
13 Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herod dunyahela aɖewo be woalée le eƒe nuƒo me.
Then they sent some of the Pharisees and the Herodians to him to trap him with words.
14 Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o?
When they came, they said to him, “Teacher, we know that you care for no one's opinion, and you do not show partiality between people. You truly teach the way of God. Is it lawful to pay taxes to Caesar or not? Should we pay or not?”
15 Ɖe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si woƒe alakpanuwɔwɔ, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ ga si Romatɔwo ɖuna la ƒe ɖeka nam makpɔ.”
But Jesus knew their hypocrisy and said to them, “Why do you test me? Bring me a denarius so I can look at it.”
16 Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”
They brought one to Jesus. He said to them, “Whose likeness and inscription is this?” They said, “Caesar's.”
17 Yesu yi edzi be, “Nu si nye Kaisaro tɔ la, mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la, mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia na ameawo tɔtɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.
Jesus said, “Give to Caesar the things that are Caesar's, and to God the things that are God's.” They marveled at him.
18 Eteƒe medidi o la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye habɔbɔ aɖe, siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. Wobia Yesu be,
Then Sadducees, who say there is no resurrection, came to him. They asked him, saying,
19 “Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me.
“Teacher, Moses wrote for us, 'If a man's brother dies and leaves a wife behind him, but no child, the man should take the brother's wife, and raise up a descendant for his brother.'
20 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye wòku vimadzii.
There were seven brothers; the first took a wife and then died, leaving no children.
21 Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbe la yome la ɖe ahosi la. Eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔe ɖo la ɖe ahosi la, gake eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o.
Then the second took her and died, leaving no children, and the third likewise.
22 Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi, eye nyɔnu la hã va ku.
The seven left no children. Last of all, the woman also died.
23 Fifia la, nu si míedi be míanya lae nye be, le tsitretsitsiŋkeke la dzi ɖe, wo dometɔ kae anye nyɔnu sia srɔ̃a, elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”
In the resurrection, when they rise again, whose wife will she be? For all seven brothers had her as their wife.”
24 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mienya mawunya alo Mawu ƒe ŋusẽ o,
Jesus said, “Is this not the reason you are mistaken, because you do not know the scriptures nor the power of God?
25 elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
For when they rise from the dead, they neither marry nor are given in marriage, but they are like angels in heaven.
26 Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’
But concerning the dead that are raised, have you not read in the Book of Moses, in the account about the bush, how God spoke to him and said, 'I am the God of Abraham and the God of Isaac and the God of Jacob'?
27 Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawue! Miewɔ vodada gã ŋutɔ.”
He is not the God of the dead, but of the living. You are quite mistaken.”
28 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”
One of the scribes came and heard their discussion; he saw that Jesus answered them well. He asked him, “What commandment is the most important of all?”
29 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye.
Jesus answered, “The most important is, 'Hear, Israel, the Lord our God, the Lord is one.
30 Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’
You must love the Lord your God with all your heart, with all your soul, with all your mind, and with all your strength.'
31 Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”
The second commandment is this, 'You must love your neighbor as yourself.' There is no other greater commandment than these.”
32 Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o,
The scribe said, “Good, Teacher! You have truly said that God is one, and that there is no other besides him.
33 eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”
To love him with all the heart and with all the understanding and with all the strength, and to love one's neighbor as oneself, is even more than all burnt offerings and sacrifices.”
34 Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la, mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la, ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖekee o.
When Jesus saw that he had given a wise answer, he said to him, “You are not far from the kingdom of God.” After that, no one dared to ask Jesus any more questions.
35 Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?
While Jesus was teaching in the temple courts, he said, “How is it that the scribes say the Christ is the son of David?
36 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be, “‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.”’
David himself, in the Holy Spirit, said, 'The Lord said to my Lord, “Sit at my right hand, until I make your enemies your footstool.”'
37 Esi David ŋutɔ yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wòaganye via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ, ale wogbugbɔ ke to ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ.
David himself calls him 'Lord,' so how can the Christ be David's son?” The large crowd gladly listened to him.
38 Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi.
In his teaching Jesus said, “Beware of the scribes, who like to walk in long robes and they like the greetings they receive in the marketplaces
39 Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo.
and they like to have the chief seats in the synagogues and chief places at feasts.
40 Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
They also devour widows' houses, and they pray long prayers for people to see. These men will receive greater condemnation.”
41 Yesu bɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔ nudzɔɖaka la. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe.
Then Jesus sat down across from an offering box in the temple area; he was watching people as they dropped their money into the box. Many rich people put in large amounts of money.
42 Ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔɖaka la me.
Then a poor widow came and put in two mites, worth about a penny.
43 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ na wo be, “Enye nyateƒe be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe nudzɔɖaka me la xɔ asi wu nu si ame bubuawo katã wona,
He called his disciples and said to them, “Truly I say to you, this poor widow has put in more than all of them who contributed to the offering box.
44 elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”
For all of them gave out of their abundance. But this widow, out of her poverty, put in all of the money which she had to live on. “