< Marko 11 >

1 Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.
Now when they were approaching Jerusalem, near Bethphage and Bethany, at the Mount of Olives,
2 Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ.
Jesus sent two of his disciples and told them. "Go to that village in front of you, and immediately on entering it you will find a colt tied, upon which no man has ever sat; untie him and bring him here.
3 Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’”
And if any man asks you, ‘Why are you doing that?" answer, ‘The Lord has need of him, and he will immediately send him back.’"
4 Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la,
So they went and found a colt tied outside a door, in the open street, and untied it.
5 ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?”
And some of the bystanders began to say to them, "What are you trying to do, untying that colt?"
6 Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo.
So they answered them just as Jesus had told them, and they let them take it.
7 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe.
Then they brought the colt to Jesus, and when they had thrown cloaks upon it, Jesus seated himself on it.
8 Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu.
Then many spread their cloaks on the road, and others, soft leafy branches, which they had cut from the fields;
9 Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana!” “Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.”
and those who went before him and those who came after kept shouting. "Hosanna! Blessed be He who comes in the name of the Lord!
10 “Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí!” “Hosana le dziƒo ʋĩi.”
Blessed be the coming kingdom of our father David! Hosanna, in the highest!"
11 Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.
Then he entered Jerusalem and went into the Temple, and after he had looked around at everything, as the hour was now late, he went out to Bethany with the Twelve.
12 Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi.
The next day after leaving Bethany he was hungry,
13 Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
and seeing a fig tree in the distance full of leaves, he came to see if he could find anything on it, and found on it nothing but leaves (for it was not the time of figs).
14 Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la. (aiōn g165)
So, addressing the tree, he said, "Let no man ever more eat fruit from you." And the disciples heard it. (aiōn g165)
15 Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo,
Presently they reached Jerusalem, and, after entering the Temple courts, Jesus began to drive out those who were buying and selling there, and to upset the tables of the money-changers, and the stalls of those who sold doves,
16 eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.
and he would not allow any one to carry a vessel through the Temple courts, Then he began to teach.
17 Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’”
"Is it not written," he said, "My house shall be called a house of prayer for all the nations? But you have made it a den of robbers."
18 Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.
The chief priests and the Scribes heard this, and they began to seek means of destroying him; for they were afraid of him because all the crowd were greatly struck with his teaching.
19 Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.
Now every evening he used to go outside the city;
20 Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu.
and as they (he and his disciples) were passing along in the morning, they saw the fig tree already withered from the root.
21 Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”
Then Peter remembered, and exclaimed, "Look, Rabbi, the fig tree which you cursed is withered up."
22 Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se.
"Take hold on God’s faithfulness," said Jesus to them in reply.
23 Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ.
"In solemn truth I tell you that if any one shall say to this mountain, ‘Up and hurl yourself into the sea!’ and shall not doubt in his heart, but on the contrary shall believe that what he says will happen, it will be granted him.
24 Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã.
That is why I am telling you that whatever you ask for in prayer, believe that you have received it, and it shall be yours.
25 Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [
And whenever you stand up to pray, forgive, if you have anything against any one, that so your Father also who is in heaven may forgive you your trespasses."
26 Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.]”
27 Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be,
Once more they came into Jerusalem; and as he was walking in the Temple courts, there came to him the high priests and Scribes and elders and asked him.
28 “Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
"By what authority do you do these things? or who gave you this authority to do these things?"
29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam.
"And I will put one question to you," replied Jesus. "Answer this, and I will tell you by what authority I do these things.
30 Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”
The baptism of John, was it from heaven, or from men? Answer me!"
31 Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
Then they began arguing with one another. "If we say, ‘From heaven,’ he will ask, ‘Why then did you not believe him?"
32 Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)
On the other hand, if we say, ‘From men’!"They were afraid, however, of the people, for every one held that Johnhad been really a prophet.
33 Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”
So their answer to Jesus was, "We do not know." "Neither will I tell you," said Jesus, "by what authority I do these things."

< Marko 11 >