< Marko 10 >
1 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.
Jesus then rose from there and went to the region of Judea, traveling through the region beyond the Jordan, and crowds gathered around him again. And again he taught them, as he was accustomed to do.
2 Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”
Then some Pharisees came up to Jesus and tested him by asking, “Is it lawful for a man to divorce his wife?”
3 Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?”
He answered them, “What did Moses command you?”
4 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.”
They said, “Moses allowed a man to write a certificate of divorce and send her away.”
5 Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo.
But Jesus answered them, “Because of your hardness of heart he wrote you this commandment.
6 Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu.
But from the beginning of creation, God ‘made them male and female.’
7 Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti
‘For this reason a man will leave his father and mother and be joined to his wife,
8 eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka.
and the two will become one flesh.’ So then, they are no longer two, but one flesh.
9 Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.”
Therefore what God has joined together, let no one separate.”
10 Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe me la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa.
When they were back in the house, Jesus' disciples asked him about the same subject.
11 Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu la ŋu.
So he said to them, “Whoever divorces his wife and marries another commits adultery against her.
12 Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a, eye wòɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”
And if a woman divorces her husband and gets married to another, she commits adultery.”
13 Gbe ɖeka la, ame aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔ be wòayra wo. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
Now people were bringing children to Jesus so that he might touch them, but the disciples rebuked those who were bringing them.
14 Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ la, medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la!
When Jesus saw this, he was indignant and said to them, “Let the little children come to me; do not hinder them, for the kingdom of God belongs to such as these.
15 Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”
Truly I say to you, whoever does not receive the kingdom of God like a little child will certainly not enter it.”
16 Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.
And taking the children in his arms, he laid his hands on them and blessed them.
17 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?” (aiōnios )
As he was setting out on the road, a man ran up, knelt before him, and asked him, “Good Teacher, what must I do to inherit eternal life?” (aiōnios )
18 Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.
Jesus said to him, “Why do yoʋ call me good? No one is good except God alone.
19 Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”
Yoʋ know the commandments: ‘Do not commit adultery, Do not murder, Do not steal, Do not give false testimony, Do not defraud, Honor yoʋr father and mother.’”
20 Ɖekakpui la gblɔ na Yesu be, “Nufiala, mewɔ se siawo katã dzi tso nye ɖevime ke.”
The man answered him, “Teacher, I have kept all these commandments from the time I was a young boy.”
21 Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.”
As Jesus looked at him, he felt love for the man and said to him, “One thing yoʋ lack: Go and sell all that yoʋ have and give to the poor, and yoʋ will have treasure in heaven. Then take up yoʋr cross and come follow me.”
22 Ɖekakpui la yrɔ esi wòse nya siawo; eƒe mo trɔ zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.
But the man was dejected by what Jesus said and went away sorrowful, for he had many possessions.
23 Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”
Then Jesus looked around and said to his disciples, “How difficult it will be for those who have riches to enter the kingdom of God!”
24 Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!
The disciples were amazed at his words. But Jesus said to them again, “Children, how difficult it is for those who trust in riches to enter the kingdom of God!
25 Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato tɔnui ƒe do me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
It is easier for a camel to go through the eye of a needle than for a rich person to enter the kingdom of God.”
26 Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Ame kae akpɔ ɖeɖe?”
They were completely astonished at this and said to one another, “Who then can be saved?”
27 Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, “Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o.”
Jesus looked at them and said, “With men it is impossible, but not with God. For all things are possible with God.”
28 Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”
Peter began to say to him, “Behold, we have left everything and followed yoʋ.”
29 Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la,
Jesus answered, “Truly I say to you, there is no one who has left house, brothers, sisters, father, mother, wife, children, or fields, for my sake and for the sake of the gospel,
30 woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ. (aiōn , aiōnios )
who will not receive now in this age a hundred times as many houses, brothers, sisters, mothers, children, and fields—along with persecutions—and in the age to come, eternal life. (aiōn , aiōnios )
31 Ke ame siwo nye gbãtɔwo la, woazu mamlɛtɔwo eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la woazu gbãtɔwo.”
But many who are first will be last, and many who are last will be first.”
32 Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:
Now they were on the road going up to Jerusalem. Jesus was walking ahead of them, and they were amazed. But as they followed they became afraid. Again he took the twelve aside and began to tell them what was going to happen to him:
33 Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Amegbetɔ Vi la akplɔ ayi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nɛ, akplɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woawu.
“Behold, we are going up to Jerusalem, and the Son of Man will be delivered up to the chief priests and scribes. They will condemn him to death and hand him over to the Gentiles.
34 Woaɖu fewu le eŋu vevie, aɖe ta ɖe eŋu vlodotɔe, aƒoe kple atam eye woawui, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, atsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
They will mock him, flog him, spit on him, and kill him. But on the third day he will rise again.”
35 Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí.”
Then James and John, the sons of Zebedee, came to him and said, “Teacher, we want yoʋ to do for us whatever we ask.”
36 Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?”
So he said to them, “What do you want me to do for you?”
37 Woɖo eŋu nɛ be, “Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”
They said to him, “Grant that one of us may sit on yoʋr right and the other on yoʋr left in yoʋr glory.”
38 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”
But Jesus said to them, “You do not know what you are asking. Are you able to drink the cup that I drink, and to be baptized with the baptism that I am baptized with?”
39 Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala,
They said to him, “We are able.” Then Jesus said to them, “You will indeed drink the cup that I drink, and be baptized with the baptism that I am baptized with,
40 gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zikpuiwo dzi le nye nuɖusime kple nye miame o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”
but to sit on my right and on my left is not mine to give, but is for those for whom it has been prepared.”
41 Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nya si Yakobo kple Yohanes ɖabia Yesu, ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.
When the ten heard this, they started becoming indignant with James and John.
42 Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, “Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi,
So Jesus called them over and said to them, “You know that those who are recognized as rulers of the Gentiles lord it over them, and their great men exercise authority over them.
43 gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla,
But it shall not be so among you. Instead, whoever wants to be great among you must be your servant,
44 eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi,
and whoever wants to be first among you must be a slave to all.
45 elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
For even the Son of Man came not to be served but to serve, and to give his life as a ransom for many.”
46 Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto.
Then they came to Jericho. Now as Jesus was leaving Jericho, along with his disciples and a large crowd, the blind man Bartimaeus, son of Timaeus, was sitting by the road begging.
47 Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!”
When he heard that it was Jesus of Nazareth, he began to cry out, “Son of David, Jesus, have mercy on me!”
48 Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.”
Many people began rebuking him, telling him to be silent, but he cried out all the more, “Son of David, have mercy on me!”
49 Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva.” Ale wogblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va.”
Then Jesus stopped and asked for him to be called over. So they called out to the blind man and said to him, “Take courage and get up; he is calling for yoʋ.”
50 Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.
Throwing off his cloak, he rose and came to Jesus.
51 Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.”
Then Jesus said to him, “What do yoʋ want me to do for yoʋ?” The blind man said to him, “Rabboni, I want to receive my sight.”
52 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
Jesus said to him, “Go; yoʋr faith has healed yoʋ.” Immediately he received his sight and began following Jesus on the road.