< Malaki 4 >
1 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.
看,那日子來臨,勢必如冒火燄的火爐,所有的驕傲人和惡的人都要成為禾楷;那一天來到,必要將他們燒盡──萬軍的上主說──不給他們留下根和枝條。
2 Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.
但為你們這些敬畏我名號的人,正義的太陽將要升起,以自己好似箭羽的光芒普施救恩;你們必將出來,蹦蹦跳跳有如出欄的牛犢。
3 Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te.
你們要踐踏惡人,因為在我行事之日,他們必要如同在你們腳下的塵土──萬軍的上說。
4 “Miɖo ŋui ne miawɔ ɖe se siwo katã mede na Israel dukɔ la to nye dɔla, Mose dzi le Horeb to dzi la dzi.
你們應記得我僕人梅瑟的法律,即我在曷黎布山,命他傳於全以色列的誡命和制度。
5 “Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo.
看,在上主偉大及可怕的日子來臨以前,我必派遺先知厄里亞到你們這裏來;
6 Atrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu be nyemana fiƒode nava anyigba la dzi o.”
衪將使父親的心轉向兒子,使兒子的心轉向父親,免得我來臨時,以毀滅律打擊這地。