< Malaki 2 >

1 “Mi nunɔlawo, miɖo to ne miase sedede sia si tso Yehowa, gbɔ.
祭司等よ今この命令なんぢらにあたへらる
2 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’
萬軍のヱホバいひたまふ汝等もし聽きしたがはず又これを心にとめず我名に榮光を歸せずばわれ汝らの上に詛を來らせん 又なんぢらの祝福を詛はん われすでに此等を詛へり 汝らこれを心にとめざりしに因てなり
3 “‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.
視よ我なんぢらのために種をいましめん また糞すなはち汝らの犠牲の糞を汝らの面の上に撒さん 汝らこれとともに携へさられん
4 Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
わが此命令をなんぢらに下し與ふるは我契約をしてレビに保たしめんためなるを汝ら知るべし 萬軍のヱホバこれをいふ
5 “Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ.
わが彼と結びし契約は生命と平安とにあり 我がこれを彼に與へしは彼に我を畏れしめんが爲なり 彼われを懼れわが名の前にをののけり
6 Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.
眞理の法彼の口に在て不義その口唇にあらず 彼平安と公義をとりて我とともにあゆみ又多の人を不義より立歸らせたりき
7 “Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.
夫れ祭司の口唇に知識を持べく又人彼の口より法を諮詢べし そは祭司は萬軍のヱホバの使者なればなり
8 Ke esia mele mia gbɔ o elabena miawo mietra tso Yehowa ƒe mɔ dzi. Miekplɔ amewo to mɔtatra dzi, to miaƒe nufiafia me eye wodze nu vɔ̃ me. Mietɔtɔ Levi ƒe nubabla la, hewɔe wòzu nu tsɛ aɖe ko.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
しかるに汝らは道を離れ衆多の人を法に躓礙かせレビの契約を壞りたり 萬軍のヱホバこれをいふ
9 “Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”
汝らは我道を守らず法をおこなふに當りて人に偏りし故にわれも汝らを一切の民の前に輕められまた賤められしむ
10 Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la?
我儕の父は皆同一なるにあらずや われらを造りし神は同一なるにあらずや 我儕先祖等の契約を破りて各おのれの兄弟にいつはりを行ふは何ぞ
11 Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo.
ユダは誓約にそむけり イスラエル及びエルサレムの中には憎むべき事行はる すなはちユダはヱホバの愛したまふ聖所を褻して他神の女をめとれり
12 Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã.
ヱホバこれをおこなふ人をば主なるものをも事ふる者をもヤコブの幕屋よりのぞきたまはん 萬軍のヱホバに獻物をささぐるものにてもまた然り
13 Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o.
つぎに又なんぢらはこれをなせり 即ち涙と泣と歎とをもてヱホバの壇をおほはしめたり 故に彼もはや獻物を顧みずまたこれを汝らの手より悦び納たまはざるなり
14 Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o.
汝らはなほ何故ぞやと言ふ そは是はヱホバ汝となんぢの若き時の妻の間にいりて證をなしたまへばなり 彼はなんぢの伴侶汝が契約をなせし妻なるに汝誓約に背きてこれを棄つ
15 Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.
ヱホバは只一を造りたまひしにあらずや されども彼にはなほ靈の餘ありき 何故にひとつのみなりしや 是は神を敬虔の裔を得んが爲なりき 故になんぢら心に謹みその若き時の妻を誓約にそむきて棄るなかれ
16 “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe.
イスラエルの神ヱホバいひたまふ われは離縁を惡みまた虐遇をもて其衣を蔽ふ人を惡む 故に汝ら誓約にそむきて妻を待遇はざるやう心につつしむべし 萬軍のヱホバこれをいふ
17 Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa. Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?” Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”
なんぢらは言をもてヱホバを煩勞はせり されど汝ら言ふ 何にわづらはせしやと 如何となればなんぢら凡て惡をなすものはヱホバの目に善と見えかつ彼に悦ばると言ひ また審判の神は安にあるやといへばなり

< Malaki 2 >