< Luka 9 >

1 Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu.
Then Jesus called the Twelve together and gave them power and authority over all demons, and power to cure diseases.
2 Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.
And He sent them out to proclaim the kingdom of God and to heal the sick.
3 Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o.
“Take nothing for the journey,” He told them, “no staff, no bag, no bread, no money, no second tunic.
4 Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.”
Whatever house you enter, stay there until you leave that area.
5 Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.
If anyone does not welcome you, shake the dust off your feet when you leave that town, as a testimony against them.”
6 Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu.
So they set out and went from village to village, preaching the gospel and healing people everywhere.
7 Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.”
When Herod the tetrarch heard about all that was happening, he was perplexed. For some were saying that John had risen from the dead,
8 Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.”
others that Elijah had appeared, and still others that a prophet of old had arisen.
9 Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.
“I beheaded John,” Herod said, “but who is this man I hear such things about?” And he kept trying to see Jesus.
10 Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me.
Then the apostles returned and reported to Jesus all that they had done. Taking them away privately, He withdrew to a town called Bethsaida.
11 Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.
But the crowds found out and followed Him. He welcomed them and spoke to them about the kingdom of God, and He healed those who needed healing.
12 Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”
As the day neared its end, the Twelve came to Jesus and said, “Dismiss the crowd so they can go to the surrounding villages and countryside for lodging and provisions. For we are in a desolate place here.”
13 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?”
But Jesus told them, “You give them something to eat.” “We have only five loaves of bread and two fish,” they answered, “unless we go and buy food for all these people.”
14 (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me”
(There were about five thousand men.) He told His disciples, “Have them sit down in groups of about fifty each.”
15 ale ameha la nɔ anyi nenema.
They did so, and everyone was seated.
16 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme.
Taking the five loaves and the two fish and looking up to heaven, Jesus spoke a blessing and broke them. Then He gave them to the disciples to set before the people.
17 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.
They all ate and were satisfied, and the disciples picked up twelve basketfuls of broken pieces that were left over.
18 Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”
One day as Jesus was praying in private and the disciples were with Him, He questioned them: “Who do the crowds say I am?”
19 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”
They replied, “Some say John the Baptist; others say Elijah; and still others, that a prophet of old has arisen.”
20 Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”
“But what about you?” Jesus asked. “Who do you say I am?” Peter answered, “The Christ of God.”
21 Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o.
Jesus strictly warned them not to tell this to anyone.
22 Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
“The Son of Man must suffer many things,” He said. “He must be rejected by the elders, chief priests, and scribes, and He must be killed and on the third day be raised to life.”
23 Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa.
Then Jesus said to all of them, “If anyone wants to come after Me, he must deny himself and take up his cross daily and follow Me.
24 Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ.
For whoever wants to save his life will lose it, but whoever loses his life for My sake will save it.
25 Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?
What does it profit a man to gain the whole world, yet lose or forfeit his very self?
26 “Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu.
If anyone is ashamed of Me and My words, the Son of Man will be ashamed of him when He comes in His glory and in the glory of the Father and of the holy angels.
27 “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”
But I tell you truthfully, some who are standing here will not taste death before they see the kingdom of God.”
28 Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le.
About eight days after Jesus had said these things, He took with Him Peter, John, and James, and went up on a mountain to pray.
29 Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia.
And as He was praying, the appearance of His face changed, and His clothes became radiantly white.
30 Ŋutsu eve, Mose kple Eliya
Suddenly two men, Moses and Elijah, began talking with Jesus.
31 wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.
They appeared in glory and spoke about His departure, which He was about to accomplish at Jerusalem.
32 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.
Meanwhile Peter and his companions were overcome by sleep, but when they awoke, they saw Jesus’ glory and the two men standing with Him.
33 Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)
As Moses and Elijah were leaving, Peter said to Jesus, “Master, it is good for us to be here. Let us put up three shelters —one for You, one for Moses, and one for Elijah.” (He did not know what he was saying.)
34 Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo.
While Peter was speaking, a cloud appeared and enveloped them, and they were afraid as they entered the cloud.
35 Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!”
And a voice came from the cloud, saying, “This is My Son, whom I have chosen. Listen to Him!”
36 Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe.
After the voice had spoken, only Jesus was present with them. The disciples kept this to themselves, and in those days they did not tell anyone what they had seen.
37 Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu.
The next day, when they came down from the mountain, Jesus was met by a large crowd.
38 Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye.
Suddenly a man in the crowd cried out, “Teacher, I beg You to look at my son, for he is my only child.
39 Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o.
A spirit keeps seizing him, and he screams abruptly. It throws him into convulsions so that he foams at the mouth. It keeps mauling him and rarely departs from him.
40 Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.”
I begged Your disciples to drive it out, but they were unable.”
41 Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”
“O unbelieving and perverse generation!” Jesus replied. “How long must I remain with you and put up with you? Bring your son here.”
42 Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.
Even while the boy was approaching, the demon slammed him to the ground in a convulsion. But Jesus rebuked the unclean spirit, healed the boy, and gave him back to his father.
43 Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta. Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,
And they were all astonished at the greatness of God. While everyone was marveling at all that Jesus was doing, He said to His disciples,
44 “Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.”
“Let these words sink into your ears: The Son of Man is about to be delivered into the hands of men.”
45 Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.
But they did not understand this statement. It was veiled from them so that they could not comprehend it, and they were afraid to ask Him about it.
46 Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti.
Then an argument started among the disciples as to which of them would be the greatest.
47 Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi.
But Jesus, knowing the thoughts of their hearts, had a little child stand beside Him.
48 Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”
And He said to them, “Whoever welcomes this little child in My name welcomes Me, and whoever welcomes Me welcomes the One who sent Me. For whoever is the least among all of you, he is the greatest.”
49 Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”
“Master,” said John, “we saw someone driving out demons in Your name, and we tried to stop him, because he does not accompany us.”
50 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”
“Do not stop him,” Jesus replied, “for whoever is not against you is for you.”
51 Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem,
As the day of His ascension approached, Jesus resolutely set out for Jerusalem.
52 eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava.
He sent messengers on ahead, who went into a village of the Samaritans to make arrangements for Him.
53 Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta.
But the people there refused to welcome Him, because He was heading for Jerusalem.
54 Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”
When the disciples James and John saw this, they asked, “Lord, do You want us to call down fire from heaven to consume them?”
55 Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo.
But Jesus turned and rebuked them.
56 Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.
And He and His disciples went on to another village.
57 Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”
As they were walking along the road, someone said to Jesus, “I will follow You wherever You go.”
58 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”
Jesus replied, “Foxes have dens and birds of the air have nests, but the Son of Man has no place to lay His head.”
59 Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”
Then He said to another man, “Follow Me.” The man replied, “Lord, first let me go and bury my father.”
60 Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”
But Jesus told him, “Let the dead bury their own dead. You, however, go and proclaim the kingdom of God.”
61 Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.”
Still another said, “I will follow You, Lord; but first let me bid farewell to my family.”
62 Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”
Then Jesus declared, “No one who puts his hand to the plow and then looks back is fit for the kingdom of God.”

< Luka 9 >