< Luka 7 >

1 Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me.
A když vykonal všecka slova svá při přitomnosti lidu, všel do Kafarnaum.
2 Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu.
Setníka pak nějakého služebník nemocen jsa, k smrti se přibližoval, kteréhož on sobě mnoho vážil.
3 Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye.
I uslyšav o Ježíšovi, poslal k němu starší Židovské, prose ho, aby přišel a uzdravil služebníka jeho.
4 Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ.
A oni přišedše k Ježíšovi, prosili ho snažně, řkouce: Hoden jest, abys mu to učinil.
5 Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.”
Nebo miluje národ náš, a školu on nám vystavěl.
6 Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o.
Tedy Ježíš šel s nimi. A když již nedaleko byl od domu, poslal k němu ten setník přátely, řka jemu: Pane, nepřidávej sobě práce. (Nejsem zajisté hoden, abys všel pod střechu mou.
7 Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ.
A protož jsem i sebe samého za nehodného položil, abych přišel k tobě.) Ale rci slovem, a budeť uzdraven služebník můj.
8 Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”
Nebo i já jsem člověk pod mocí postavený, maje pod sebou žoldnéře, a dím tomuto: Jdi, a jde, a jinému: Přiď, a přijde, a služebníku svému: Učiň toto, a učiní.
9 Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.”
Tedy uslyšav to Ježíš, podivil se jemu, a obrátiv se, řekl zástupu, kterýž za ním šel: Pravím vám, že ani v Izraeli nenalezl jsem tak veliké víry.
10 Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene.
Vrátivše se pak domů ti, kteříž posláni byli, nalezli služebníka, kterýž nemocen byl, zdravého.
11 Le esia megbe la, Yesu yi du aɖe si woyɔna be Nain la me. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo heyi.
I stalo se potom, šel do města, kteréž slove Naim, a šli s ním učedlníci jeho mnozí a zástup veliký.
12 Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.
A když se přiblížil k bráně města, aj, mrtvý byl nesen ven, syn jediný matky své, a ta vdova byla, a zástup města mnohý s ní.
13 Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!”
Kteroužto uzřev Pán, milosrdenstvím hnut jest k ní, a řekl jí: Neplačiž.
14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.”
A přistoupiv, dotekl se már. (Ti pak, kteříž nesli, zastavili se.) I řekl: Mládenče, toběť pravím, vstaň.
15 Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.
I posadil se ten mrtvý, a počal mluviti. I dal jej mateři jeho.
16 Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.”
Tedy podjala všecky bázeň, i velebili Boha, řkouce: Prorok veliký povstal mezi námi, a Bůh navštívil lid svůj.
17 Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me.
I vyšla řeč ta o něm po všem Judstvu i po vší okolní krajině.
18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ, eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. Ke Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃la eve,
I zvěstovali Janovi učedlníci jeho o všech těchto věcech. A zavolav kterýchs dvou z učedlníků svých Jan,
19 eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”
Poslal k Ježíšovi, řka: Ty-li jsi ten, kterýž přijíti má, čili jiného čekati máme?
20 Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’”
Přišedše pak k němu muži ti, řekli: Jan Křtitel poslal nás k tobě řka: Ty-li jsi ten, kterýž přijíti má, čili jiného čekati máme?
21 Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo.
A v touž hodinu mnohé uzdravil od neduhů, od nemocí a duchů zlých, a slepým mnohým zrak dal.
22 Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
Odpověděv pak Ježíš, řekl jim: Jdouce, povězte Janovi, co jste viděli a slyšeli, že slepí vidí, kulhaví chodí, malomocní očištění přijímají, hluší slyší, mrtví z mrtvých vstávají, chudým se zvěstuje evangelium.
23 Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”
A blahoslavený jest, kdož by se na mně nezhoršil.
24 Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma?
A když odešli poslové Janovi, počal praviti zástupům o Janovi: Co jste vyšli na poušť spatřovati? Třtinu-li, kteráž se větrem klátí?
25 Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le.
Aneb nač jste hleděti vyšli? Na člověka-li měkkým rouchem oděného? Aj, kteříž v rouše slavném a v rozkoši jsou, v domích královských jsou.
26 Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã.
Aneb co jste vyšli viděti? Proroka-li? Jistě pravím vám, i více nežli proroka.
27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’
Tentoť jest, o kterémž jest psáno: Aj, já posílám anděla svého před tváří tvou, kterýž připraví cestu tvou před tebou.
28 Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!”
Nebo pravím vám, většího proroka mezi syny ženskými nad Jana Křtitele není žádného, ale kdož jest menší v království Božím, většíť jest nežli on.
29 (Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo.
Tedy všecken lid slyše to i publikáni, velebili Boha, byvše pokřtěni křtem Janovým.
30 Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.)
Ale farizeové a zákonníci pohrdli radou Boží sami proti sobě, nebyvše pokřtěni od něho.
31 Azɔ Yesu bia wo be, “Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo?
I řekl Pán: Komu tedy přirovnám lidi pokolení tohoto, a čemu podobni jsou?
32 Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’
Podobni jsou dětem, kteříž na rynku sedí, a jedni na druhé volají, říkajíce: Pískali jsme vám, a neskákali jste; žalostně jsme naříkali vám, a neplakali jste.
33 Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’
Nebo přišel Jan Křtitel, ani chleba nejeda, ani nepije vína, a pravíte: Ďábelství má.
34 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo.
Přišel Syn člověka, jeda a pije, a pravíte: Aj, člověk žráč a piján vína, přítel publikánů a hříšníků.
35 Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.”
Ale ospravedlněna jest moudrost ode všech synů svých.
36 Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la,
Prosil ho pak jeden z farizeů, aby jedl s ním. Pročež všed do domu toho farizea, posadil se za stůl.
37 nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi.
A aj, žena v městě, kteráž byla hříšnice, zvěděvši, že by seděl za stolem v domě farizea, přinesla nádobu alabastrovou masti.
38 Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo.
A stojeci z zadu u noh jeho s pláčem, počala slzami smáčeti nohy jeho, a vlasy hlavy své vytírala, a líbala nohy jeho, a mastí mazala.
39 Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.”
Uzřev pak to farizeus, kterýž ho byl pozval, řekl sám v sobě tak: Byť tento byl prorok, vědělť by, která a jaká jest to žena, kteráž se ho dotýká; nebo hříšnice jest.
40 Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.”
I odpověděv Ježíš, dí jemu: Šimone, mámť něco povědíti. A on řekl: Mistře, pověz.
41 Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu.
Dva dlužníky měl nějaký věřitel. Jeden dlužen byl pět set peněz, a druhý padesát.
42 Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?”
A když neměli, odkud by zaplatili, odpustil oběma. Pověziž tedy, který z nich více bude jej milovati?
43 Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.”
I odpověděv Šimon, řekl: Mám za to, že ten, kterémuž více odpustil. A on řekl jemu: Právě jsi rozsoudil.
44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.
A obrátiv se k ženě, řekl Šimonovi: Vidíš tuto ženu? Všel jsem do domu tvého, vody nohám mým nedal jsi, ale tato slzami smáčela nohy mé, a vlasy hlavy své vytřela.
45 Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia.
Nepolíbil jsi mne, ale tato, jakž jsem všel, nepřestala líbati noh mých.
46 Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya tsɔ ami si ɖe nye afɔwo ŋuti.
Olejem hlavy mé nepomazal jsi, ale tato mastí mazala nohy mé.
47 Le esia ta la, see be lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia la fia be wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee. Ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la ɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.”
Protož pravím tobě: Odpuštěniť jsou jí hříchové mnozí, neboť milovala mnoho. Komuť se pak málo odpouští, málo miluje.
48 Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
I řekl jí: Odpuštěniť jsou tobě hříchové.
49 Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame kae nye esia, si tsɔa nu vɔ̃wo hã kena mahã?”
Tedy počali, kteříž tu spolu seděli za stolem, říci sami mezi sebou: Kdo jest tento, kterýž i hříchy odpouští?
50 Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”
I řekl ženě: Víra tvá tebe k spasení přivedla. Jdiž u pokoji.

< Luka 7 >