< Luka 4 >

1 Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la dzo le Yɔdan tɔsisi la to, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe.
Now Jesus, full of the Holy Spirit, returned from the Jordan, and was led by the Spirit into the wilderness,
2 Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie.
where he continued forty days, and was tempted by the devil. Having eaten nothing all that time, when it was ended he was hungry:
3 Abosam gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.”
and the devil said to him, If thou be God's Son, command this stone to become bread.
4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.”
Jesus answered him, saying, It is written, "Man does not live by bread only, but by whatever God pleases."
5 Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me,
Then the devil, having brought him to the top of a high mountain, showed him all the kingdoms of the world in an instant,
6 eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃.
and said to him, All this power and glory I will give thee; for it is delivered to me, and to whomsoever I will, I give it;
7 Eya ta ne èdze klo de ta agu nam ko la, matsɔ wo na wò.”
if, therefore, thou wilt worship me, it shall all be thine.
8 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.”
Jesus answering, said, It is written, "Thou shalt worship the Lord thy God, and shalt serve him only."
9 Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia.
Then he brought him to Jerusalem, and placing him on the battlement of the temple, said to him, If thou be God's Son, throw thyself down hence;
10 Elabena woŋlɔ ɖi be, “‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie
for it is written, "He will give his angels charge concerning thee, to keep thee;
11 woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me, ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’”
and, in their arms they shall uphold thee, lest thou dash thy foot against a stone."
12 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’”
Jesus answered, It is said, "Thou shalt not put the Lord thy God to the proof."
13 Esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu.
When the devil had ended all the temptation, he departed from him for a time.
14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũu azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la, amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo.
Then Jesus, by the impulse of the Spirit, returned to Galilee, and his renown spread throughout the whole country,
15 Le mawunya deto siwo wògblɔna le woƒe ƒuƒoƒewo ta la, ame sia ame kafunɛ ŋutɔ.
and he taught in their synagogues with universal applause.
16 Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la,
Being come to Nazareth, where he had been brought up, he entered the synagogue, as his custom was, on the Sabbath day, and stood up to read.
17 wotsɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋu teƒe si woŋlɔ ɖo be,
And they put into his hands the book of the Prophet Isaiah, and having opened the book, he found the place where it is written,
18 “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,
"The Spirit of the Lord is upon me, inasmuch as he has anointed me to publish glad tidings to the poor, to announce liberty to the captives, and recovery of sight to the blind, to release the oppressed,
19 eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.”
to proclaim the year of acceptance with the Lord."
20 Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa.
And having closed the book, and returned it to the servant, he sat down. And the eyes of all in the synagogue were fixed upon him.
21 Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbeŋkeke sia dzi.”
And he began with saying to them, This very day, the scripture which you have just now heard, is fulfilled.
22 Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”
And all extolled him; but being astonished at the gracious words which he uttered, they said, Is not this Joseph's son?
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’
He said to them, You will doubtless apply to me this proverb, "Physician, cure yourself." Do as great things here in your own country, as we hear you have done in Capernaum.
24 “Vavã mele egblɔm na mi be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o.
But in fact, added he, No prophet was ever well received in his own country.
25 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi.
I tell you of a truth, there were many widows in Israel in the days of Elijah, when heaven was shut up for three years and a half, so that there was great famine throughout all the land;
26 Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ.
yet to none of them was Elijah sent, but to a widow in Sarepta, of Sidonia.
27 Mibu Nyagblɔɖila Elisa, ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.”
There were likewise many lepers in Israel, in the days of Elisha the prophet; and Naaman the Syrian was cleansed, but none of those.
28 Yesu ƒe nya siawo ve dɔ me na ameawo ŋutɔ le ƒuƒoƒea esi wose wo.
On hearing this, the whole synagogue were enraged,
29 Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋu me nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze agame.
and breaking up, drove him out of the city, and brought him to the brow of the mountain on which their city was built, that they might throw him down headlong.
30 Gake ezɔ to amehawo dome hedzo le wo gbɔ kɔ̃ɔ.
But he, passing through the midst of them, went away.
31 Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo.
Then he came to Capernaum, a city of Galilee, and taught them on the Sabbath.
32 Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu ŋusẽtɔe.
And they were struck with awe at his manner of teaching; for he spoke with authority.
33 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be,
Now there was in the synagogue a man possessed by the spirit of an unclean demon, who roared out, saying,
34 “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.”
Ah! Jesus of Nazareth, what hast thou to do with us? Art thou come to destroy us? I know who thou art--the Holy One of God.
35 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me, eye megawɔ nu vevi aɖekee o.
And Jesus rebuked him, saying, Be silent, and come out of him. On this, the demon, having thrown him into the middle of the assembly, came out without harming him.
36 Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ, ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu, ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
And they were all in amazement, and said one to another, What does this mean, that with authority and power he command the unclean spirits, and they come out?
37 Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
From that time, his fame was published in every corner of the country.
38 Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒe aƒe me, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.”
When he was gone out of the synagogue, he entered the house of Simon, whose wife's mother had a violent fever, and they entreated him on her behalf.
39 Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme.
Jesus, standing near her, rebuked the fever, and it left her, and she instantly arose, and served them.
40 Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo.
After sunset, all they who had any sick, of whatever kind of disease, brought them to him; and he, laying his hands on every one, cured them.
41 Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.
Demons also came out of many, crying out, Thou art the Son of God. But he rebuked them, and would not allow them to speak, because they knew that he was the Messiah.
42 Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum.
When it was day, he retired into a desert place; and the multitude sought him out, and came to him, and urged him not to leave them;
43 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”
but he said to them, I must publish the good tidings of the Reign of God in other cities also, because for this purpose I am sent.
44 Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le woƒe ƒuƒoƒewo.
Accordingly, he made this publication in the synagogues of Galilee.

< Luka 4 >