< Luka 19 >

1 Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me.
And he entered and was passing through Jericho.
2 Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã.
And behold, a man called by name Zacchaeus; and he was a chief publican, and he was rich.
3 Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe.
And he sought to see Jesus who he was; and could not for the crowd, because he was little of stature.
4 Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.
And he ran on before, and climbed up into a sycomore tree to see him: for he was to pass that way.
5 Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”
And when Jesus came to the place, he looked up, and said unto him, Zacchaeus, make haste, and come down; for today I must abide at thy house.
6 Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ.
And he made haste, and came down, and received him joyfully.
7 Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.”
And when they saw it, they all murmured, saying, He is gone in to lodge with a man that is a sinner.
8 Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”
And Zacchaeus stood, and said unto the Lord, Behold, Lord, the half of my goods I give to the poor; and if I have wrongfully exacted aught of any man, I restore fourfold.
9 Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye.
And Jesus said unto him, Today is salvation come to this house, forasmuch as he also is a son of Abraham.
10 Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”
For the Son of man came to seek and to save that which was lost.
11 Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be,
And as they heard these things, he added and spake a parable, because he was nigh to Jerusalem, and [because] they supposed that the kingdom of God was immediately to appear.
12 “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu.
He said therefore, A certain nobleman went into a far country, to receive for himself a kingdom, and to return.
13 Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’
And he called ten servants of his, and gave them ten pounds, and said unto them, Trade ye [herewith] till I come.
14 “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’
But his citizens hated him, and sent an ambassage after him, saying, We will not that this man reign over us.
15 “Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.
And it came to pass, when he was come back again, having received the kingdom, that he commanded these servants, unto whom he had given the money, to be called to him, that he might know what they had gained by trading.
16 “Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’
And the first came before him, saying, Lord, thy pound hath made ten pounds more.
17 “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’
And he said unto him, Well done, thou good servant: because thou wast found faithful in a very little, have thou authority over ten cities.
18 “Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’
And the second came, saying, Thy pound, Lord, hath made five pounds.
19 Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’
And he said unto him also, Be thou also over five cities.
20 “Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie,
And another came, saying, Lord, behold, [here is] thy pound, which I kept laid up in a napkin:
21 elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’
for I feared thee, because thou art an austere man: thou takest up that thou layedst not down, and reapest that thou didst not sow.
22 “Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe,
He saith unto him, Out of thine own mouth will I judge thee, thou wicked servant. Thou knewest that I am an austere man, taking up that I laid not down, and reaping that I did not sow;
23 nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’
then wherefore gavest thou not my money into the bank, and I at my coming should have required it with interest?
24 “Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’
And he said unto them that stood by, Take away from him the pound, and give it unto him that hath the ten pounds.
25 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’
And they said unto him, Lord, he hath ten pounds.
26 “Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me.
I say unto you, that unto every one that hath shall be given; but from him that hath not, even that which he hath shall be taken away from him.
27 Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’”
Howbeit these mine enemies, which would not that I should reign over them, bring hither, and slay them before me.
28 Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem.
And when he had thus spoken, he went on before, going up to Jerusalem.
29 Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me.
And it came to pass, when he drew nigh unto Bethphage and Bethany, at the mount that is called [the mount] of Olives, he sent two of the disciples,
30 Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii.
saying, Go your way into the village over against [you]; in the which as ye enter ye shall find a colt tied, whereon no man ever yet sat: loose him, and bring him.
31 Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’”
And if any one ask you, Why do ye loose him? thus shall ye say, The Lord hath need of him.
32 Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene,
And they that were sent went away, and found even as he had said unto them.
33 eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?”
And as they were loosing the colt, the owners thereof said unto them, Why loose ye the colt?
34 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.”
And they said, The Lord hath need of him.
35 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi.
And they brought him to Jesus: and they threw their garments upon the colt, and set Jesus thereon.
36 Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ.
And as he went, they spread their garments in the way.
37 Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta,
And as he was now drawing nigh, [even] at the descent of the mount of Olives, the whole multitude of the disciples began to rejoice and praise God with a loud voice for all the mighty works which they had seen;
38 gblɔ be, “Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!”
saying, Blessed [is] the King that cometh in the name of the Lord: peace in heaven, and glory in the highest.
39 Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”
And some of the Pharisees from the multitude said unto him, Master, rebuke thy disciples.
40 Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.”
And he answered and said, I tell you that, if these shall hold their peace, the stones will cry out.
41 Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu,
And when he drew nigh, he saw the city and wept over it,
42 eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.
saying, If thou hadst known in this day, even thou, the things which belong unto peace! but now they are hid from thine eyes.
43 Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi,
For the days shall come upon thee, when thine enemies shall cast up a bank about thee, and compass thee round, and keep thee in on every side,
44 eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”
and shall dash thee to the ground, and thy children within thee; and they shall not leave in thee one stone upon another; because thou knewest not the time of thy visitation.
45 Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me.
And he entered into the temple, and began to cast out them that sold,
46 Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’”
saying unto them, It is written, And my house shall be a house of prayer: but ye have made it a den of robbers.
47 Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.
And he was teaching daily in the temple. But the chief priests and the scribes and the principal men of the people sought to destroy him:
48 Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.
and they could not find what they might do; for the people all hung upon him, listening.

< Luka 19 >