< Luka 15 >
1 Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃ wɔla dovowo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe.
Then all the tax collectors and ‘sinners’ were getting close to Him to hear Him.
2 Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã.
Well the Pharisees and the scribes started complaining, saying, “This man welcomes ‘sinners’ and eats with them.”
3 Esia na be Yesu do lo sia na wo be,
So He told them this parable, saying:
4 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa?
“What man among you, having a hundred sheep and losing one of them, does not abandon the ninety-nine in the wild and go after the lost one until he finds it?
5 Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee.
And upon finding it he joyfully puts it on his shoulders.
6 Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la.
And when he comes home, he calls together his friends and neighbors, saying to them, ‘Rejoice with me, for I have found my sheep that was lost!’
7 “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.
I say to you that likewise there will be more joy in heaven over one sinner who repents than over ninety-nine righteous ones who have no need of repentance.
8 “Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si, eye wòbu ga vevi siawo dometɔ ɖeka. Ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa?
“Or what woman having ten silver coins, if she loses one coin, does not light a lamp, sweep the house, and search carefully until she finds it?
9 Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo agblɔ be, ‘Miva kpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo si mebu la oa?’
And when she finds it, she calls together her friends and neighbors saying, ‘Rejoice with me, for I have found the coin that I lost!’
10 Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me.”
Just so, I say to you, there is joy in the presence of the angels of God over one sinner who repents.”
11 Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si.
Then He said: “A certain man had two sons.
12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.
And the younger one said to the father, ‘Father, give me the appropriate share of the estate.’ So he divided the property between them.
13 “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.
Not many days later the younger son, having converted it all, journeyed to a distant country; and there he squandered his wealth living dissolutely.
14 Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me.
But when he had spent it all, there was a severe famine throughout that country, and he began to be in need.
15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ.
Then he went and attached himself to a citizen of that country, who sent him into his fields to feed pigs.
16 Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o.
He would gladly have filled his stomach with the carob pods that the pigs were eating, but no one gave him anything.
17 “Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta!
But when he came to himself he said: ‘How many of my father's hired servants have an abundance of bread, while I am dying of hunger!
18 Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò,
I will get up and go to my father and say to him: Father, I have sinned against heaven and before you,
19 eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.”’
and I am no longer worthy to be called your son; make me as one of your hired servants.’
20 “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
“So he got up and went to his own father. But while he was still a good ways off, his father saw him and was moved with compassion—he ran and fell on his neck and kissed him!
21 “Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’
Then the son said to him, ‘Father, I have sinned against heaven and before you, and I am no longer worthy to be called your son.’
22 “Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ.
But the father said to his slaves: ‘Bring out the best robe and put it on him, and put a ring on his hand and sandals on his feet.
23 Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ.
And bring in and kill the fatted calf, and let us eat and celebrate;
24 Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.
because this son of mine was dead and came to life; he was lost and is found!’ So they began to celebrate.
25 “Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me,
“Now his older son was in the field; and as he came approaching the house he heard music and dancing.
26 ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me?
So he called one of the servants and asked what these things meant.
27 Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’
He said to him, ‘Your brother has come, and your father has killed the fatted calf, because he has received him back safe and sound.’
28 “Dɔ me ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ, eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me.
So he became angry and refused to go in. Then his father came out and began to plead with him.
29 Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o.
But in answer he said to the father: ‘Just look at how many years I have been serving you without ever transgressing your commandment; yet you never gave me even a young goat that I might celebrate with my friends.
30 Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’
But when this son of yours came, who has devoured your livelihood with prostitutes, you killed the fatted calf for him!’
31 “Fofoa gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, vinye lɔlɔ̃a, nye kpli wò míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la, tɔwòe.
So he said to him: ‘Son, you are always with me, and all that I have is yours.
32 Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’”
But it was right that we celebrate and be glad, because this brother of yours was dead and came to life; he was lost and is found.’”