< Luka 12 >
1 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka.
Meanwhile, when the crowd had gathered together by the thousands, so that they were trampling on one another, Jesus began to speak first to his disciples: “Beware of the leaven of the Pharisees, which is hypocrisy.
2 Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene.
There is nothing covered up that will not be revealed, and nothing hidden that will not be made known.
3 Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.”
Therefore whatever you have said in the darkness will be heard in the light, and what you have whispered in anyone's ear in private rooms will be proclaimed on the housetops.
4 Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o.
“I tell you, my friends, do not be afraid of those who kill the body, and after that have nothing more they can do.
5 Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. (Geenna )
But I will tell you whom you should fear: Fear him who has authority to throw you into hell after your body has been killed. Yes, I tell you, fear him! (Geenna )
6 “Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o.
Are not five sparrows sold for two pennies? Yet not one of them is forgotten in the sight of God.
7 Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
Indeed, even the hairs of your head are all numbered. So do not be afraid; you are of more value than many sparrows.
8 “Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene.
“I tell you, everyone who acknowledges me before men, the Son of Man will also acknowledge before the angels of God,
9 Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume.
but whoever denies me before men will be denied before the angels of God.
10 Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o.
And everyone who speaks a word against the Son of Man will be forgiven, but whoever blasphemes against the Holy Spirit will not be forgiven.
11 “Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o.
When you are brought before synagogues, rulers, and authorities, do not be anxious about how or what you should speak in your own defense, or what you should say,
12 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.”
for the Holy Spirit will teach you in that very hour what you should say.”
13 Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò, gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam!”
Then someone from among the crowd said to him, “Teacher, tell my brother to divide the family inheritance with me.”
14 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?”
But Jesus said to him, “Man, who appointed me as a judge or arbitrator over you?”
15 Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”
Then he said to them, “Watch out and be on your guard against covetousness, for one's life does not consist in the abundance of his possessions.”
16 Azɔ edo lo sia be, “Agble nyui aɖe si wɔa nuku la nɔ gatɔ aɖe si.
And he told them a parable: “The land of a certain rich man produced abundantly.
17 Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo gɔ̃ hã o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie,
So he thought to himself, ‘What should I do, for I do not have anywhere to store my crops?’
18 eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã.
Then he said, ‘This is what I will do: I will tear down my barns and build larger ones, and there I will store all my produce and my goods.
19 Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.”’
And I will say to my soul, “Soul, yoʋ have many goods laid up for many years; relax, eat, drink, and be merry.”’
20 “Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’
But God said to him, ‘Yoʋ fool! This very night yoʋr life will be demanded back from yoʋ, and the things yoʋ have prepared, whose will they be?’
21 “Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi.”
This is how it will be with anyone who lays up treasure for himself and is not rich toward God.”
22 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o,
Then Jesus said to his disciples, “Therefore I tell you, do not be anxious about your life, what you will eat, or about your body, what you will wear.
23 elabena agbe xɔ asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã xɔ asi wu nudodo.
Life is more than food, and the body is more than clothing.
24 Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã!
Consider the ravens: They do not sow or reap; they have no storehouse or barn, yet God feeds them. Of how much more value are you than birds?
25 Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
Which of you by being anxious can add a single moment to yoʋr span of life?
26 Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?
If then you cannot even do a very little thing like that, why are you anxious about the rest?
27 “Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomo ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o.
Consider the lilies, how they grow: They do not toil or spin, yet I tell you, not even Solomon in all his glory was clothed like one of these.
28 Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo!
Now if God so clothes the grass in the field, which is alive today and tomorrow is thrown into the oven, how much more will he clothe you, O you of little faith?
29 Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi.
And do not be concerned about what you will eat or what you will drink; do not be anxious about such things.
30 Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo.
For the nations of the world seek after all these things, and your Father knows that you need them.
31 Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”
Rather, seek the kingdom of God, and all these things will be added to you.
32 Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi.
Do not be afraid, little flock, for your Father is pleased to give you the kingdom.
33 Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.
Sell your possessions and give to the needy. Make yourselves moneybags that do not wear out, an inexhaustible treasure in heaven, where no thief comes near and no moth destroys.
34 Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.
For where your treasure is, there will your heart be also.
35 “Midzra ɖo, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim.
“Be dressed for service and keep your lamps burning,
36 Miawo la, miɖi dɔla siwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui nɛ enumake.
like men who are waiting for their master to return from a wedding feast, so that they can immediately open the door for him when he comes and knocks.
37 Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu.
Blessed are those servants whom their master finds keeping watch when he comes. Truly I say to you, he will dress himself for service and have them recline at the table, and he will come and serve them.
38 Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la.
If he comes in the second watch or the third watch and finds them doing so, blessed are those servants.
39 Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene.
But know this: If the master of the house had known at what hour the thief was coming, he would have kept watch and would not have let his house be broken into.
40 Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.”
Therefore you also must be ready, for the Son of Man is coming at an hour when you do not expect him.”
41 Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?”
Then Peter said to him, “Lord, are yoʋ telling this parable only for us, or for everyone else as well?”
42 Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã?
The Lord said, “Who then is the faithful and wise steward, whom his master will set over his household, to give them their portion of food at the proper time?
43 Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi.
Blessed is that servant whom his master finds doing so when he comes.
44 Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.
Truly I say to you, he will set him over all his possessions.
45 Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la,
But if that servant says in his heart, ‘My master is delayed in coming,’ and he begins to beat the male and female servants, and to eat and drink and get drunk,
46 eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome.
the master of that servant will come on a day when he does not expect him and at an hour he does not foresee, and will cut him in two and assign his portion to be with the unfaithful.
47 “Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o.
That servant who knew his master's will, but did not prepare himself or act according to his will, will be beaten with many lashes.
48 Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”
But the one who did not know his master's will, yet did what deserved a beating, will be beaten with few lashes. From everyone to whom much has been given, much will be required; and from him to whom much has been entrusted, even more will be demanded.
49 “Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu dɔ sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi.
“I have come to bring fire to the earth, and how I wish it were already kindled!
50 Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi.
But I have a baptism to be baptized with, and how consumed I am with it until it is completed!
51 Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ vɛ.
Do you think I have come to grant peace on earth? No, I tell you, but division.
52 Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye.
For from now on five in one household will be divided, three against two and two against three.
53 Vi kple tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, lɔ̃xoyɔvia atu afɔ eme.”
Father will be divided against son and son against father, mother against daughter and daughter against mother, mother-in-law against her daughter-in-law and daughter-in-law against her mother-in-law.”
54 Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, “Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le wɔwɔ ge.’ Eye tsi dzana hã vavã.
Jesus also said to the crowds, “When you see a cloud rising from the west, you immediately say, ‘A rainstorm is coming,’ and that is what happens.
55 Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, ‘Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme.
And when you see the south wind blowing, you say, ‘There will be scorching heat,’ and it happens.
56 Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.
Hypocrites! You know how to interpret the appearance of the earth and the sky, so why can you not interpret this present time?
57 “Nu ka ta miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o ɖo?
“Why do you not judge for yourselves what is right?
58 Nenye be wò futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le mɔ dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple wò nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò mɔ.
As yoʋ are going with yoʋr adversary before the magistrate, make an effort to settle with him on the way, lest he drag yoʋ to the judge, and the judge hand yoʋ over to the officer, and the officer throw yoʋ into prison.
59 Eye ne wode wò mɔ la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ.”
I tell yoʋ, yoʋ will certainly not come out of there until yoʋ have paid the very last cent.”