< Luka 1 >
1 Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu,
Cher Théophile, puisque plusieurs autres ont essayé de rédiger un récit des faits accomplis parmi nous,
2 ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la.
tels que nous les ont transmis ceux qui en ont été, dès l’origine, témoins oculaires et qui sont devenus ministres de la Parole,
3 Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos,
j’ai cru devoir, moi aussi, après m’être soigneusement informé de tout, depuis le commencement, t’en écrire une narration suivie,
4 be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea.
pour que tu reconnaisses la solidité des enseignements que tu as reçus.
5 Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.
Aux jours d'Hérode, roi de Judée, vivait un prêtre nommé Zaccharie. Il était de la classe d'Abia et sa femme était d'entre les filles d'Aaron. Son nom était Élisabeth.
6 Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.
Tous deux étaient justes devant Dieu, marchant irréprochables dans tous les commandements et toutes les ordonnances du Seigneur.
7 Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ.
Ils n'avaient point d'enfants; parce qu'Élisabeth était stérile; et tous deux étaient avancés en âge.
8 Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume,
Or, le tour de sa classe étant venu de remplir devant Dieu les fonctions sacerdotales,
9 eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ.
il lui échut par le sort (qui était le mode usité entre les prêtres) d'entrer dans le sanctuaire du Seigneur pour y offrir l'encens.
10 Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.
Pendant cette heure de l'encens, la foule du peuple restait au dehors et priait.
11 Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime.
Or, à la droite de l'autel de l'encens, apparut à Zaccharie un ange du Seigneur, debout devant lui.
12 Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi.
A sa vue Zaccharie fut troublé, et la crainte le saisit.
13 Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.
«Ne crains point, Zaccharie, lui dit l'ange; car ta prière a été exaucée et ta femme Élisabeth t'enfantera un fils; tu lui donneras le nom de Jean.
14 Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi,
Il sera ta joie et ton allégresse, et beaucoup se réjouiront de sa naissance. Devant le Seigneur,
15 elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye
en effet, il sera grand; il ne devra jamais boire ni vin, ni cervoise; et, tout rempli de l'Esprit saint dès les entrailles de sa mère,
16 akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe.
il ramènera au Seigneur leur Dieu, de nombreux enfants d'Israël.
17 Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”
Lui-même, dans l'esprit et la vertu d'Élie, se mettra en marche devant le Seigneur, afin de faire revivre dans les enfants le coeur même des aïeux, de ramener les rebelles à la sagesse des justes, et de préparer au Seigneur un peuple bien disposé.» —
18 Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?”
«A quoi reconnaîtrai-je cela, dit à l'ange Zaccharie, car je suis moi-même un vieillard, et ma femme est avancée en âge.»
19 Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò,
L'ange lui répondit par ces paroles: «Je suis, Gabriel qui me tiens devant Dieu. Et j'ai été envoyé pour te parler et t'annoncer cette Bonne Nouvelle.
20 gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”
Et à cause de ton manque de foi en mes paroles, qui s'accompliront en leur temps, voilà que tu seras muet et ne pourras parler jusqu'au jour où ces choses arriveront.»
21 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema.
Le peuple cependant attendait Zaccharie, et s'étonnait de le voir s'attarder dans le sanctuaire.
22 Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me.
Lorsqu'il sortit, il lui fut impossible de leur parler; on comprit qu'il avait eu une vision dans le sanctuaire. Lui-même le leur faisait entendre par signes. Zaccharie resta sourd-muet.
23 Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me.
Quand la période de ses fonctions fut terminée, il retourna en sa maison;
24 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.
ce fut alors que sa femme Élisabeth devint enceinte. Pendant cinq mois elle vécut dans le secret de sa demeure.
25 Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”
«Voilà, disait-elle, ce qu'a fait pour moi le Seigneur en ces jours où il m'a regardée pour mettre fin à mon opprobre parmi les hommes.»
26 Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me.
Le sixième mois, Dieu envoya l'ange Gabriel dans une ville de Galilée, appelée Nazareth,
27 Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.
vers une vierge, fiancée à un homme de la famille de David, nommé Joseph. Le nom de la vierge était Marie.
28 Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.”
L'ange, étant entré où elle était, lui dit: «Salut! une grâce, t'a été faite; le Seigneur est avec toi!»
29 Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.
A ces paroles, Marie fut toute troublée; et elle se demandait ce que pouvait être une semblable salutation.
30 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!
«Ne crains point, Marie, reprit l'ange, car tu as trouvé grâce près de Dieu.
31 Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’
Sache que tu vas concevoir en ton sein et enfanter un fils auquel tu donneras le nom de Jésus.
32 Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ.
Il sera grand; on l'appellera: Fils du Très-Haut; à lui le Seigneur Dieu donnera le trône de David son père;
33 Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.” (aiōn )
il régnera à jamais sur la maison de Jacob et son règne n'aura point de fin.» (aiōn )
34 Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”
Alors Marie dit à l'ange: «Comment cela se fera-t-il, puisque je ne connais point, d’homme?»
35 Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.
Et l'ange lui répondit par ces paroles: «L'Esprit saint viendra sur toi, et une puissance du Très-Haut t'enveloppera de son ombre. C'est pourquoi l'Être saint qui doit naître sera appelé Fils de Dieu!
36 Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.
Sache également qu'en sa vieillesse, ta parente Élisabeth, elle aussi, a conçu un fils, et que celle que l'on appelait stérile en est déjà à son sixième mois.
37 Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.”
Rien n'est impossible à Dieu.»
38 Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume.
Alors Marie dit: «Voici la servante du Seigneur. Qu'il me soit fait suivant ta parole.» Et l'ange la quitta.
39 Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me,
En ces jours-là, Marie se hâta de partir, se dirigeant vers le pays des montagnes. Elle alla dans une ville de Juda.
40 eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet.
En entrant dans la maison de Zaccharie elle salua Élisabeth.
41 Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu.
Et dès qu'Élisabeth eut entendu la salutation de Marie, l'enfant qu'elle portait tressaillit, et elle-même fut remplie d'Esprit saint.
42 Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake.
«Tu es bénie entre les femmes, s'écria-t-elle en élevant la voix, et le fruit de tes entrailles est béni!
43 Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa!
D'où me vient que la mère de mon Seigneur vienne me visiter?
44 Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta.
Aussitôt que ta voix, quand tu m'as saluée, a frappé mon oreille, l'enfant a tressailli de joie dans mon sein.
45 Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”
Bienheureuse celle qui a cru à l'accomplissement de ce qui lui a été dit de la part du Seigneur!»
46 Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe.
Et Marie dit: «Mon âme magnifie le Seigneur,
47 Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti.
Et mon esprit est transporté de joie en Dieu mon Sauveur,
48 Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.
Parce qu'il a abaissé son regard sur l'humilité de sa servante. Voilà que désormais toutes les générations m'appelleront la bienheureuse,
49 Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.
Parce que le Tout-Puissant m'a fait de grandes choses! Son nom est saint,
50 Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
Sa miséricorde se répand de génération en génération Sur ceux qui le craignent.
51 Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.
Il a déployé la force de son bras, Il a dissipé les pensées des coeurs des superbes,
52 Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.
Il a jeté bas de leurs trônes les puissants, Et il a exalté les humbles;
53 Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.
Il a comblé de biens les affamés, Et il a renvoyé les riches à vide;
54 Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi
Il a secouru Israël son serviteur, Il s'est souvenu de sa miséricorde,
55 be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.” (aiōn )
Ainsi qu'il l'avait dit à nos pères, à Abraham et à sa postérité pour toujours.» (aiōn )
56 Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe.
Marie séjourna environ trois mois avec Élisabeth, et retourna ensuite en sa maison.
57 Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi.
Parvenue au terme de sa grossesse, Élisabeth enfanta un fils.
58 Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ.
Ayant appris que le Seigneur faisait ainsi éclater par elle sa miséricorde, ses voisins et ses parents partagèrent sa joie.
59 Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ,
Le huitième jour, ils vinrent pour la circoncision de l'enfant. Ils lui donnaient le nom de Zaccharie, celui de son père,
60 gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”
quand sa mère prit la parole: «Non, dit-elle, il se nommera Jean.» —
61 Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.”
«Mais, lui dirent les autres, personne dans ta famille ne porte ce nom.»
62 Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia.
Et l'on demanda au père, par signes, comment il voulait le nommer.
63 Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.”
Alors, se faisant apporter des tablettes, Zaccharie écrivit ceci: «Jean est son nom.» Tout le monde fut surpris.
64 Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.
Aussitôt la banche de Zaccharie s'ouvrit, sa langue se délia et il se mit à parler et à bénir Dieu.
65 Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me.
Chacun dans le voisinage fut saisi de crainte et, dans la région des montagnes de Judée, il ne fut bruit que de toutes ces choses.
66 Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”
Chacun en les apprenant les recueillait dans son coeur et disait: «Que sera donc cet enfant?» En effet, la main du Seigneur était avec lui.
67 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be,
Quant à Zaccharie, son père, il fut rempli d'Esprit saint et il prophétisa en ces termes:
68 “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ.
«Béni soit le Seigneur, le Dieu d'Israël! Car il a visité son peuple et opéré sa rédemption;
69 Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David ƒe aƒe me
Il nous a suscité un Sauveur puissant, De la maison de David, son serviteur.
70 (abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene), (aiōn )
(Ainsi qu'il l'avait annoncé par la bouche de ses saints prophètes qui jadis ont vécu.) (aiōn )
71 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me,
Il nous délivre de nos ennemis, Et de la main de tous ceux qui nous haïssent;
72 ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,
Il montre sa miséricorde envers nos pères; Il se souvient de sa sainte alliance;
73 kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi
Du serment par lui juré à notre père Abraham; Il nous donne enfin à nous,
74 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe
délivrés de la main de nos ennemis, De le servir sans crainte, [de notre vie;
75 le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me.
De marcher devant lui dans la sainteté et la justice tous les jours
76 “Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ,
Et toi, enfant, tu seras appelé Prophète du Très-Haut; Car tu iras devant le Seigneur; Tu marcheras devant lui pour lui préparer les voies;
77 ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me,
Tu donneras à son peuple la science du salut, Tu lui diras que ses péchés lui sont remis;
78 le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo,
Que notre Dieu a des entrailles de miséricorde, Qu'il nous a regardés du haut des cieux, Que le soleil d'Orient se lève;
79 ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”
Qu'il illuminera ceux qui sont assis dans les ténèbres et l'ombre de la mort; Qu'il dirigera nos pas dans un chemin de paix.»
80 Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.
L'enfant grandissait et son esprit se fortifiait, et jusqu'au jour de sa manifestation à Israël, les déserts furent sa demeure.