< Mose 3 9 >

1 Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo,
В восьмой день призвал Моисей Аарона и сынов его и старейшин Израилевых
2 eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.
и сказал Аарону: возьми себе из волов тельца в жертву за грех и овна во всесожжение, обоих без порока, и представь пред лице Господне;
3 Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa.
и сынам Израилевым скажи: возьмите козла в жертву за грех, и овна, и тельца, и агнца, однолетних, без порока, во всесожжение,
4 Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.”
и вола и овна в жертву мирную, чтобы совершить жертвоприношение пред лицем Господним, и приношение хлебное, смешанное с елеем, ибо сегодня Господь явится вам.
5 Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume.
И принесли то, что приказал Моисей, пред скинию собрания, и пришло все общество и стало пред лицем Господним.
6 Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.”
И сказал Моисей: вот что повелел Господь сделать, и явится вам слава Господня.
7 Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene.
И сказал Моисей Аарону: приступи к жертвеннику и соверши жертву твою о грехе и всесожжение твое, и очисти себя и народ, и сделай приношение от народа, и очисти их, как повелел Господь.
8 Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta.
И приступил Аарон к жертвеннику и заколол тельца, который за него, в жертву за грех:
9 Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.
сыны Аарона поднесли ему кровь, и он омочил перст свой в крови и возложил на роги жертвенника, а остальную кровь вылил к подножию жертвенника,
10 Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
а тук и почки и сальник на печени от жертвы за грех сжег на жертвеннике, как повелел Господь Моисею;
11 Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo.
мясо же и кожу сжег на огне вне стана.
12 Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo.
И заколол всесожжение, и сыны Аарона поднесли ему кровь; он покропил ею на жертвенник со всех сторон;
13 Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi.
и принесли ему всесожжение в кусках и голову, и он сжег на жертвеннике,
14 Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene.
а внутренности и ноги омыл и сжег со всесожжением на жертвеннике.
15 Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene.
И принес приношение от народа, и взял от народа козла за грех, и заколол его, и принес его в жертву за грех, как и прежнего.
16 Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu.
И принес всесожжение и совершил его по уставу.
17 Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi.
И принес приношение хлебное, и наполнил им руки свои, и сжег на жертвеннике сверх утреннего всесожжения.
18 Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo.
И заколол вола и овна, которые от народа, в жертву мирную; и сыны Аарона поднесли ему кровь, и он покропил ею на жертвенник со всех сторон;
19 Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã.
поднесли и тук из вола, и из овна курдюк, и тук покрывающий внутренности, почки и сальник на печени,
20 Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi.
и положили тук на грудь, и он сжег тук на жертвеннике;
21 Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene.
грудь же и правое плечо принес Аарон, потрясая пред лицем Господним, как повелел Моисей.
22 Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi.
И поднял Аарон руки свои, обратившись к народу, и благословил его, и сошел, совершив жертву за грех, всесожжение и жертву мирную.
23 Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la,
И вошли Моисей и Аарон в скинию собрания, и вышли, и благословили народ. И явилась слава Господня всему народу:
24 eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.
и вышел огонь от Господа и сжег на жертвеннике всесожжение и тук; и видел весь народ, и воскликнул от радости, и пал на лице свое.

< Mose 3 9 >