< Mose 3 8 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
2 “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le,
“Go with Aaron and his sons, and take their priestly clothes, anointing oil, the bull of the sin offering, two rams, and the basket of bread made without yeast,
3 eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.”
and have everyone assemble at the entrance to the Tent of Meeting.”
4 Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu.
Moses did as the Lord instructed him, and everyone gathered at the entrance to the Tent of Meeting.
5 Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.”
Moses told them, “The following is what the Lord has ordered to be done.”
6 Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo,
Moses had Aaron and his sons come forward, and he washed them with water.
7 eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron.
He dressed Aaron with the tunic, tied the sash around him, put the robe on him and then the ephod. He tied the waistband of the ephod around him, fastening it to him.
8 Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me.
Then Moses attached the breastpiece to Aaron and put the Urim and Thummim in the breastpiece.
9 Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene.
He put the turban on Aaron's head and placed the gold plate, the holy crown, on the front of the turban, as the Lord had instructed him to do.
10 Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti.
Then Moses took the anointing oil and anointed the Tabernacle and everything in it to dedicate it all.
11 Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu.
He sprinkled some of the oil on the altar seven times to anoint it and all its utensils, as well as the basin with its stand to dedicate them.
12 Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu.
Moses poured some of the anointing oil on Aaron's head to anoint him and to dedicate him.
13 Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene.
Then Moses had Aaron's sons come forward, dressed them tunics in them, tied sashes around them, and wrapped headbands on them, as the Lord had ordered him to do.
14 Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi.
Moses brought the bull over for the sin offering, and Aaron and his sons put their hands on its head.
15 Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ.
Moses killed the bull and took some of the blood. He used his finger to put the blood on all four horns of the altar to dedicate it and purify it. He poured out the rest of the blood at the bottom of the altar, and consecrated the altar so that it could be used to make people right.
16 Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
Moses took all the fat that covers the insides, the best part of the liver, both kidneys with the fat on them, burned all of it on the altar.
17 Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene.
But the rest of the bull—the skin, the meat, and the waste he burned outside the camp, as the Lord had ordered him to do.
18 Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi.
Moses brought the ram for the burnt offering, and Aaron and his sons put their hands on its head.
19 Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo.
Moses killed the ram and sprinkled the blood on all sides of the altar.
20 Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami.
He divided the ram into pieces and burned the head, the pieces, and the fat.
21 Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ.
He washed the insides and legs with water and burned the whole ram on the altar as a burnt offering, a food offering to be accepted by the Lord, as the Lord had ordered Moses to do.
22 Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi.
Moses brought the second ram, the ram of ordination, and Aaron and his sons put their hands on its head.
23 Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu.
Moses killed the ram and took some of its blood. He put it on Aaron's right earlobe, on the thumb of his right hand, and on the big toe of his right foot.
24 Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo.
Then Moses had Aaron and his sons come forward and put some of the blood on their right earlobes, on the thumbs of their right hands, and on the big toes of their right feet. Then he sprinkled blood on all sides of the altar.
25 Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu.
Moses took the fat, including the fat tail, all the fat on the insides, the best part of the liver, both kidneys with the fat on them Moses took the fat—together with the right thigh.
26 Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka.
He took one loaf of bread without yeast, one loaf made with olive oil, and one wafer from the basket of bread without yeast that was in the presence of the Lord. He placed them on top of the portions of fat and on the right thigh.
27 Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene.
Then he gave them to Aaron and his sons, and waved them before the Lord as a wave offering.
28 Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu.
After this Moses took them back and burned them on the altar with the burnt offering. This was an ordination offering, a food offering to be accepted by the Lord.
29 Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene.
Moses then took the breast, his share of the ordination ram, and waved it before the Lord as a wave offering, as the Lord had ordered him to do.
30 Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ.
Moses then took some of the anointing oil and some of the blood from the altar. He sprinkled both of them on the clothes of Aaron and his sons. This is how he dedicated he dedicated the clothes of Aaron and his sons.
31 Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene.
Moses told Aaron and his sons, “You are to boil the meat at the entrance to the Tent of Meeting, and then eat it there with the bread that is in the basket of offerings for the ordination, as I ordered: ‘It is for Aaron and his sons to eat.’
32 Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo.
Afterwards you must burn what's left over of the meat and bread.
33 “Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ.
You are not to leave the entrance to the Tent of Meeting for seven days until the ordination ceremony is completed, because your ordination will take seven days.
34 Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ.
What was done today was ordered by the Lord as a means of making you right.
35 Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.”
You must stay at the entrance to the Tent of Meeting for seven days, day and night, and follow the Lord's commands so that you will not die, for this is what I have been ordered to do.”
36 Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose.
Aaron and his sons did everything that the Lord had ordered through Moses.