< Mose 3 7 >
1 “Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye.
“Now this is the law of the guilt offering, which is most holy:
2 “Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo.
The guilt offering must be slaughtered in the place where the burnt offering is slaughtered, and the priest shall sprinkle its blood on all sides of the altar.
3 Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu,
And all the fat from it shall be offered: the fat tail, the fat that covers the entrails,
4 ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi.
both kidneys with the fat on them near the loins, and the lobe of the liver, which is to be removed with the kidneys.
5 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa.
The priest shall burn them on the altar as an offering made by fire to the LORD; it is a guilt offering.
6 Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye.
Every male among the priests may eat of it. It must be eaten in a holy place; it is most holy.
7 “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu.
The guilt offering is like the sin offering; the same law applies to both. It belongs to the priest who makes atonement with it.
8 Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la.
As for the priest who presents a burnt offering for anyone, the hide of that offering belongs to him.
9 Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me.
Likewise, every grain offering that is baked in an oven or cooked in a pan or on a griddle belongs to the priest who presents it,
10 Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ.
and every grain offering, whether dry or mixed with oil, belongs equally to all the sons of Aaron.
11 “Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo:
Now this is the law of the peace offering that one may present to the LORD:
12 “Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu.
If he offers it in thanksgiving, then along with the sacrifice of thanksgiving he shall offer unleavened cakes mixed with olive oil, unleavened wafers coated with oil, and well-kneaded cakes of fine flour mixed with oil.
13 Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ.
Along with his peace offering of thanksgiving he is to present an offering with cakes of leavened bread.
14 Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu.
From the cakes he must present one portion of each offering as a contribution to the LORD. It belongs to the priest who sprinkles the blood of the peace offering.
15 Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o.
The meat of the sacrifice of his peace offering of thanksgiving must be eaten on the day he offers it; none of it may be left until morning.
16 “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke.
If, however, the sacrifice he offers is a vow or a freewill offering, it shall be eaten on the day he presents his sacrifice, but the remainder may be eaten on the next day.
17 Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la.
But any meat of the sacrifice remaining until the third day must be burned up.
18 Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ.
If any of the meat from his peace offering is eaten on the third day, it will not be accepted. It will not be credited to the one who presented it; it shall be an abomination, and the one who eats of it shall bear his iniquity.
19 “‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu.
Meat that touches anything unclean must not be eaten; it is to be burned up. As for any other meat, anyone who is ceremonially clean may eat it.
20 Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ.
But if anyone who is unclean eats meat from the peace offering that belongs to the LORD, that person must be cut off from his people.
21 Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’”
If one touches anything unclean, whether human uncleanness, an unclean animal, or any unclean, detestable thing, and then eats any of the meat of the peace offering that belongs to the LORD, that person must be cut off from his people.”
22 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be,
Then the LORD said to Moses,
23 “De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o.
“Speak to the Israelites and say, ‘You are not to eat any of the fat of an ox, a sheep, or a goat.
24 Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o.
The fat of an animal found dead or mauled by wild beasts may be used for any other purpose, but you must not eat it.
25 Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me.
If anyone eats the fat of an animal from which an offering made by fire may be presented to the LORD, the one who eats it must be cut off from his people.
26 Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o.
You must not eat the blood of any bird or animal in any of your dwellings.
27 Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’”
If anyone eats blood, that person must be cut off from his people.’”
28 Yehowa gagblɔ na Mose be,
Then the LORD said to Moses,
29 “Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ.
“Speak to the Israelites and say, ‘Anyone who presents a peace offering to the LORD must bring it as his sacrifice to the LORD.
30 Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa.
With his own hands he is to bring the offerings made by fire to the LORD; he shall bring the fat, together with the breast, and wave the breast as a wave offering before the LORD.
31 Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ.
The priest is to burn the fat on the altar, but the breast belongs to Aaron and his sons.
32 Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la.
And you are to give the right thigh to the priest as a contribution from your peace offering.
33 Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita,
The son of Aaron who presents the blood and fat of the peace offering shall have the right thigh as a portion.
34 elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.”
I have taken from the sons of Israel the breast of the wave offering and the thigh of the contribution of their peace offerings, and I have given them to Aaron the priest and his sons as a permanent portion from the sons of Israel.’”
35 Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo,
This is the portion of the offerings made by fire to the LORD for Aaron and his sons since the day they were presented to serve the LORD as priests.
36 elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime.
On the day they were anointed, the LORD commanded that this be given them by the sons of Israel. It is a permanent portion for the generations to come.
37 Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu.
This is the law of the burnt offering, the grain offering, the sin offering, the guilt offering, the ordination offering, and the peace offering,
38 Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi.
which the LORD gave Moses on Mount Sinai on the day He commanded the Israelites to present their offerings to the LORD in the Wilderness of Sinai.