< Mose 3 4 >

1 Yehowa gade se siawo na Mose:
The Lord told Moses,
2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu.
“Tell the Israelites that these are the rules to handle cases of those who sin unintentionally against any of the Lord's commandments and do what is not permitted.
3 “‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa.
If it is the high priest who sins and brings guilt on everyone, he must present to the Lord a young bull without defects as a sin offering for his sin.
4 Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume.
He must take the bull to the entrance of the Tent of Meeting before the Lord, put his hand on its head and kill it before the Lord.
5 Ekema nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me,
Then the high priest shall take some of the bull's blood into the Tent of Meeting.
6 ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume.
The high priest shall dip his finger in the blood and sprinkle some of it seven times before the Lord in front of the veil of the sanctuary.
7 Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu.
The priest shall put some of the blood on the horns of the altar of aromatic incense that stands before the Lord in the Tent of Meeting. The rest of the bull's blood he is to pour out at the bottom of the altar of burnt offering at the entrance to the Tent of Meeting.
8 Le esia megbe la, nunɔla la aɖe ami le nyitsua ƒe dɔmenuawo,
Then he shall remove all the fat from the bull of the sin offering: all the fat that covers the insides,
9 ayiku eveawo kple aklã la ŋu,
both kidneys with the fat on them by the loins, and the best part of the liver, which he is to remove together with the kidneys
10 eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu.
in the same way as the fat is removed from the bull of the peace offering. Then the priest shall then burn this on the altar of burnt offering.
11 Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu,
But the skin of the bull, all its flesh, head, legs, insides and waste—
12 kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi.
all the rest of it—he has to take outside the camp to a place that is ceremonially clean, where the ashes are dumped, and he must burn it on a wood fire there on the ash heap.
13 “‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ.
If the whole Israelite community goes astray unintentionally, and even though they are unaware of doing what is not permitted by any of the Lord's commandments, they are all still guilty.
14 Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ.
When they realize their sin, then they must bring a young bull as a sin offering and present it before the Tent of Meeting.
15 Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume.
The elders of Israel are to put their hands on its head and kill it before the Lord.
16 Nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me,
Then the high priest shall take some of the bull's blood into the Tent of Meeting.
17 ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume.
He shall dip his finger in the blood and sprinkle it seven times before the Lord in front of the veil.
18 Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu.
He shall put some of the blood on the horns of the altar that stands before the Lord in the Tent of Meeting. Then he is to pour out the rest of the bull's blood at the bottom of the altar of burnt offering at the entrance to the Tent of Meeting.
19 Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi.
Then he shall remove all the fat from the bull and burn it on the altar.
20 Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame.
He shall offer this bull in the same way he did for the sin offering. This is how the priest will make them right, and they will be forgiven.
21 Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta.
Then he shall take the bull outside the camp and burn it, just as he burned the bull previously mentioned. It is the sin offering for the whole community.
22 “‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o,
If a leader sins unintentionally and does what is not permitted by any of the commandments of the Lord his God, he is guilty.
23 ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene.
When he realizes his sin, he must bring a male goat without defects as his offering.
24 Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
He must put his hand on the head of the goat and kill it at the place where the burnt offering is killed before the Lord. It is a sin offering.
25 Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.
Then the priest is to take some of the blood of the sin offering with his finger and put it on the horns of the altar of burnt offering, and pour out the rest of the blood at the bottom of the altar.
26 Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
He shall burn all its fat on the altar like the fat of the peace offerings. In this way the priest will make the man's sin right, and he will be forgiven.
27 “‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ.
If any other Israelite sins unintentionally and does what is not permitted by any of the commandments of the Lord his God, he is guilty.
28 Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta.
When he realizes his sin, he must bring a female goat without defects as his offering for that sin.
29 Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui.
He must put his hand on the head of the sin offering and kill it at the place at the place of the burnt offering.
30 Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.
Then the priest is to take some of its blood with his finger and put it on the horns of the altar of burnt offering, and pour out the rest of the blood at the bottom of the altar.
31 Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
He shall remove all its fat like the fat of the peace offerings and burn it on the altar and it will be to be accepted by the Lord. In this way the priest will make the man's sin right, and he will be forgiven.
32 “‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo.
If he brings a lamb as a sin offering, he is to bring a female without defects.
33 Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene.
He must put his hand on the head of the sin offering and kill it as a sin offering at the place at the place where the burnt offering is killed.
34 Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te.
Then the priest is to take some of its blood with his finger and put it on the horns of the altar of burnt offering, and pour out the rest of the blood at the bottom of the altar.
35 Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
He shall remove all its fat like the fat of the lamb is removed from the peace offerings and burn it on the altar and it will be to be accepted by the Lord. In this way the priest will make the man's sin right, and he will be forgiven.

< Mose 3 4 >