< Mose 3 3 >

1 “‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa.
«و اگر قربانی او ذبیحه سلامتی باشد، اگر ازرمه بگذراند خواه نر و خواه ماده باشد، آن را بی‌عیب به حضور خداوند بگذراند.۱
2 Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu.
و دست خود را بر سر قربانی خویش بنهد، و آن را نزد درخیمه اجتماع ذبح نماید، و پسران هارون کهنه خون را به اطراف مذبح بپاشند.۲
3 Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu,
و از ذبیحه سلامتی، هدیه آتشین بجهت خداوند بگذراند، یعنی پیهی که احشا را می‌پوشاند و همه پیه را که بر احشاست.۳
4 ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo.
و دو گرده و پیه که بر آنهاست که بر دو تهیگاه است، و سفیدی را که بر جگر است، با گرده‌ها جدا کند.۴
5 Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu.
و پسران هارون آن را برمذبح با قربانی سوختنی بر هیزمی که بر آتش است بسوزانند. این هدیه آتشین و عطر خوشبوبجهت خداوند است.۵
6 “‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ.
و اگر قربانی او برای ذبیحه سلامتی بجهت خداوند از گله باشد، آن رانر یا ماده بی‌عیب بگذراند.۶
7 Nenye alẽvie wòatsɔ vɛ la, ele be wòatsɔe ava Yehowa ŋkume.
اگر بره‌ای برای قربانی خود بگذراند، آن را به حضور خداوندنزدیک بیاورد.۷
8 Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu.
و دست خود را بر سر قربانی خود بنهد، و آن را نزد در خیمه اجتماع ذبح نماید، و پسران هارون خونش را به اطراف مذبح بپاشند.۸
9 Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu,
و از ذبیحه سلامتی هدیه آتشین بجهت خداوند بگذراند، یعنی پیه‌اش و تمامی دنبه را وآن را از نزد عصعص جدا کند، و پیهی که احشا رامی پوشاند و همه پیه را که بر احشاست.۹
10 ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã.
و دوگرده و پیهی که بر آنهاست که بر دو تهیگاه است وسفیدی را که بر جگر است با گرده‌ها جدا کند.۱۰
11 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa.
و کاهن آن را بر مذبح بسوزاند. این طعام هدیه آتشین بجهت خداوند است.۱۱
12 “‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la,
و اگر قربانی او بز باشد پس آن را به حضور خداوند نزدیک بیاورد.۱۲
13 atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu,
و دست خود را برسرش بنهد و آن را پیش خیمه اجتماع ذبح نماید. و پسران هارون خونش را به اطراف مذبح بپاشند.۱۳
14 eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ
و قربانی خود، یعنی هدیه آتشین را، بجهت خداوند از آن بگذراند، پیهی که احشا رامی پوشاند و تمامی پیهی که بر احشاست.۱۴
15 kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo.
و دوگرده و پیهی که بر آنهاست که بر دو تهیگاه است وسفیدی را که بر جگر است با گرده‌ها جدا کند.۱۵
16 Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ.
و کاهن آن را بر مذبح بسوزاند. این طعام هدیه آتشین برای عطر خوشبوست. تمامی پیه از آن خداوند است.۱۶
17 Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’”
این قانون ابدی در همه پشتهای شما در جمیع مسکنهای شما خواهد بود که هیچ خون و پیه را نخورید.»۱۷

< Mose 3 3 >