< Mose 3 27 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
And the Lord said to Moses,
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la,
Say to the children of Israel, If a man makes a special oath, you will give your decision as to the value of the persons for the Lord.
3 ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
And you will put the value of a male from twenty years to sixty years old at fifty shekels of silver, by the scale of the holy place.
4 Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.
And if it is a female, the value will be thirty shekels.
5 Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo.
And if the person is from five to twenty years old, the value will be twenty shekels for a male, and ten for a female.
6 Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu.
And if the person is from one month to five years old, then the value for a male will be five shekels of silver, and for a female three shekels.
7 Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.
And for sixty years old and over, for a male the value will be fifteen shekels, and for a female, ten.
8 Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la.
But if he is poorer than the value which you have put on him, then let him be taken to the priest, and the priest will put a value on him, such as it is possible for him to give.
9 “‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa.
And if it is a beast of which men make offerings to the Lord, whatever any man gives of such to the Lord will be holy.
10 Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe.
It may not be changed in any way, a good given for a bad, or a bad for a good; if one beast is changed for another, the two will be holy.
11 Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla,
And if it is any unclean beast, of which offerings are not made to the Lord, then let him take the beast before the priest;
12 ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ.
And let the priest put a value on it, if it is good or bad; whatever value the priest puts on it, so will it be.
13 Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu.
But if he has a desire to get it back for himself, let him give a fifth more than your value.
14 “‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ.
And if a man has given his house as holy to the Lord, then the priest will put a value on it, if it is good or bad; as the priest gives decision so will the value be fixed.
15 Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ.
And if the owner has a desire to get back his house, let him give a fifth more than your value, and it will be his.
16 “‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo.
And if a man gives to the Lord part of the field which is his property, then let your value be in relation to the seed which is planted in it; a measure of barley grain will be valued at fifty shekels of silver.
17 Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã.
If he gives his field from the year of Jubilee, the value will be fixed by your decision.
18 Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu.
But if he gives his field after the year of Jubilee, the amount of the money will be worked out by the priest in relation to the number of years till the coming year of Jubilee, and the necessary amount will be taken off your value.
19 Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ.
And if the man who has given the field has a desire to get it back, let him give a fifth more than the price at which it was valued and it will be his.
20 “‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o.
But if he has no desire to get it back, or if he has given it for a price to another man, it may not be got back again.
21 Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la.
But the field, when it becomes free at the year of Jubilee, will be holy to the Lord, as a field given under oath: it will be the property of the priest.
22 “‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la,
And if a man gives to the Lord a field which he has got for money from another, which is not part of his heritage;
23 ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa.
Then the value fixed by you up to the year of Jubilee will be worked out for him by the priest, and in that day he will give the amount of your value as holy to the Lord.
24 Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ.
In the year of Jubilee the field will go back to him from whom he got it, that is, to him whose heritage it was.
25 Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi.
And let all your values be based on the shekel of the holy place, that is, twenty gerahs to the shekel.
26 “‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo.
But a man may not give by oath to the Lord the first-fruits of cattle which are offered to the Lord: if it is an ox or a sheep it is the Lord's.
27 Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe.
And if it is an unclean beast, then the owner of it may give money to get it back, in agreement with the value fixed by you, by giving a fifth more; or if it is not taken back, let it be given for money in agreement with your valuing.
28 Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa.
But nothing which a man has given completely to the Lord, out of all his property, of man or beast, or of the land which is his heritage, may be given away or got back in exchange for money; anything completely given is most holy to the Lord.
29 “‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui.
Any man given completely to the Lord may not be got back: he is certainly to be put to death.
30 “‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe.
And every tenth part of the land, of the seed planted, or of the fruit of trees, is holy to the Lord.
31 Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka.
And if a man has a desire to get back any of the tenth part which he has given, let him give a fifth more.
32 Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o.
And a tenth part of the herd and of the flock, whatever goes under the rod of the valuer, will be holy to the Lord.
33 Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’”
He may not make search to see if it is good or bad, or make any changes in it; and if he makes exchange of it for another, the two will be holy; he will not get them back again.
34 Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.
These are the orders which the Lord gave to Moses for the children of Israel in Mount Sinai.

< Mose 3 27 >