< Mose 3 24 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
2 “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi.
“Order the Israelites to bring you pure, pressed olive oil for the lamps, so they will always stay lit.
3 Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.
From evening until morning Aaron is to constantly look after the lamps continually before the Lord, outside the veil of the Testimony in the Tent of Meeting. This regulation is for all time and for all future generations.
4 Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi.
He is to constantly look after the lamps placed on the pure gold lampstand before the Lord.
5 “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe,
Using the best flour bake twelve loaves, with two-tenths of an ephah of flour per loaf.
6 ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi.
Place them in two piles, six in each pile, on the table made of pure gold that stands before the Lord.
7 Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa,
Place pure frankincense beside each pile to go with the bread to act as the ‘reminder part,’ a food offering to the Lord.
8 Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi.
Every Sabbath day the bread shall be placed before the Lord, given by the Israelites as an ongoing sign of the eternal agreement.
9 Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.”
It is for Aaron and his descendants. They are to eat it in a holy place; for they must treat it as a most holy part of the food offerings given to the Lord. It is their share of the food offerings for all time.”
10 Gbe ɖeka, le asaɖa la me la, ɖekakpui aɖe si dada nye Israel nyɔnu, eye fofoa nye Egiptetɔ la wɔ avu kple Israel ŋutsu aɖe.
One day a man who had an Israelite mother and an Egyptian father went into the Israelite camp and had a fight with an Israelite.
11 Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.)
The Israelite woman's son cursed the name of the Lord. So they took him before Moses. (His mother's name was Shelomith, daughter of Dibri, from the tribe of Dan.)
12 Wodee gaxɔ me va se ɖe esime Yehowa aɖe nu si woawɔe la afia.
They detained him until it was clear what the Lord wanted them to do about it.
13 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
14 “Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee.
“Take the man who cursed me outside the camp. Have all who heard him curse put their hands on his head; then have everyone stone him to death.
15 Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ƒo fi de eƒe Mawu la, ekema eɖi fɔ;
Tell the Israelites that anyone who curses their God will be punished for their sin.
16 woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui.
Anyone who curses the name of the Lord must to be executed. All of you must stone them to death, whether they are a foreigner who lives with you or an Israelite. If they curse my name, they must be executed.
17 “‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã.
Anyone who kills someone else must be executed.
18 Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe.
Anyone who kills an animal has to replace it—a life for a life.
19 To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu:
If anyone injures someone else, whatever they've done must be done to them:
20 ƒuŋeŋe ɖe ƒuŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe. Nu sia nu si ame aɖe awɔ nɔvia la, woawɔ nu ma tututu eya hã.
a broken bone for a broken bone, an eye for an eye, a tooth for a tooth. Whatever way they injured the victim, the same must be done to them.
21 “‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã.
Anyone who kills an animal has to replace it, but anyone who kills someone else must be executed.
22 Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
The same laws apply to foreigners who live with you as to Israelites, for I am the Lord your God.”
23 Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
Moses told this to the Israelites, and they took the man who cursed the Lord outside the camp and stoned him to death. The Israelites did what the Lord ordered Moses to do.