< Mose 3 23 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
The LORD spoke to Moses, saying,
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene.
"Speak to the children of Israel, and tell them, 'The set feasts of the LORD, which you shall proclaim to be holy convocations, even these are my set feasts.
3 “‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.
"'Six days shall work be done: but on the seventh day is a Sabbath of solemn rest, a holy convocation; you shall do no manner of work. It is a Sabbath to the LORD in all your dwellings.
4 “‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi.
"'These are the set feasts of the LORD, even holy convocations, which you shall proclaim in their appointed season.
5 Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ.
In the first month, on the fourteenth day of the month in the evening, is the LORD's Passover.
6 “‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o.
On the fifteenth day of the same month is the feast of unleavened bread to the LORD. Seven days you shall eat unleavened bread.
7 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o.
In the first day you shall have a holy convocation. You shall do no regular work.
8 Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’”
But you shall offer an offering made by fire to the LORD seven days. In the seventh day is a holy convocation: you shall do no regular work.'"
9 Yehowa gblɔ na Mose be,
The LORD spoke to Moses, saying,
10 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la.
"Speak to the children of Israel, and tell them, 'When you have come into the land which I give to you, and shall reap its the harvest, then you shall bring the sheaf of the first fruits of your harvest to the priest:
11 Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke.
and he shall wave the sheaf before the LORD, to be accepted for you. On the next day after the Sabbath the priest shall wave it.
12 Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa.
On the day when you wave the sheaf, you shall offer a male lamb without blemish a year old for a burnt offering to the LORD.
13 Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ.
The meal offering with it shall be two tenth parts of an ephah of fine flour mingled with oil, an offering made by fire to the LORD for a pleasant aroma; and the drink offering with it shall be of wine, the fourth part of a hin.
14 Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la.
You shall eat neither bread, nor roasted grain, nor fresh grain, until this same day, until you have brought the offering of your God. This is a statute forever throughout your generations in all your dwellings.
15 “‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre.
"'You shall count from the next day after the Sabbath, from the day that you brought the sheaf of the wave offering; seven Sabbaths shall be completed:
16 Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa.
even to the next day after the seventh Sabbath you shall number fifty days; and you shall offer a new meal offering to the LORD.
17 Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa.
You shall bring out of your habitations two loaves of bread for a wave offering made of two tenth parts of an ephah of fine flour. They shall be baked with yeast, for first fruits to the LORD.
18 Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa.
You shall present with the bread seven lambs without blemish a year old, one young bull, and two rams. They shall be a burnt offering to the LORD, with their meal offering, and their drink offerings, even an offering made by fire, of a sweet aroma to the LORD.
19 Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe.
You shall offer one male goat for a sin offering, and two male lambs a year old for a sacrifice of peace offerings.
20 Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene.
The priest shall wave them with the bread of the first fruits for a wave offering before the LORD, with the two lambs. They shall be holy to the LORD for the priest.
21 Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime.
You shall make proclamation on the same day: there shall be a holy convocation to you; you shall do no regular work. This is a statute forever in all your dwellings throughout your generations.
22 “‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
"'When you reap the harvest of your land, you shall not wholly reap into the corners of your field, neither shall you gather the gleanings of your harvest: you shall leave them for the poor, and for the foreigner. I am the LORD your God.'"
23 Yehowa gblɔ na Mose bena,
The LORD spoke to Moses, saying,
24 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku.
"Speak to the children of Israel, saying, 'In the seventh month, on the first day of the month, shall be a solemn rest to you, a memorial of blowing of trumpets, a holy convocation.
25 Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’”
You shall do no regular work; and you shall offer an offering made by fire to the LORD.'"
26 Yehowa gblɔ na Mose be,
The LORD spoke to Moses, saying,
27 “Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.
"However on the tenth day of this seventh month is the day of atonement: it shall be a holy convocation to you, and you shall afflict yourselves; and you shall offer an offering made by fire to the LORD.
28 Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume.
You shall do no manner of work in that same day; for it is a day of atonement, to make atonement for you before the LORD your God.
29 Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.
For whoever it is who shall not deny himself in that same day; shall be cut off from his people.
30 Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome.
Whoever it is who does any manner of work in that same day, that person I will destroy from among his people.
31 Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ.
You shall do no manner of work: it is a statute forever throughout your generations in all your dwellings.
32 Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.”
It shall be a Sabbath of solemn rest for you, and you shall deny yourselves. In the ninth day of the month at evening, from evening to evening, you shall keep your Sabbath."
33 Yehowa gblɔ na Mose bena,
The LORD spoke to Moses, saying,
34 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre.
"Speak to the children of Israel, and say, 'On the fifteenth day of this seventh month is the feast of booths for seven days to the LORD.
35 Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.
On the first day shall be a holy convocation: you shall do no regular work.
36 Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’
Seven days you shall offer an offering made by fire to the LORD. On the eighth day shall be a holy convocation to you; and you shall offer an offering made by fire to the LORD. It is a solemn assembly; you shall do no regular work.
37 (“‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ
"'These are the appointed feasts of the LORD, which you shall proclaim to be holy convocations, to offer an offering made by fire to the LORD, a burnt offering, and a meal offering, a sacrifice, and drink offerings, each on its own day;
38 Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.)
besides the Sabbaths of the LORD, and besides your gifts, and besides all your vows, and besides all your freewill offerings, which you give to the LORD.
39 “‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo.
"'So on the fifteenth day of the seventh month, when you have gathered in the fruits of the land, you shall keep the feast of the LORD seven days: on the first day shall be a solemn rest, and on the eighth day shall be a solemn rest.
40 Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ.
You shall take on the first day the fruit of goodly trees, branches of palm trees, and boughs of thick trees, and willows of the brook; and you shall rejoice before the LORD your God seven days.
41 Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime.
You shall keep it a feast to the LORD seven days in the year: it is a statute forever throughout your generations; you shall keep it in the seventh month.
42 Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me.
You shall dwell in booths seven days. All who are native-born in Israel shall dwell in booths,
43 Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
that your generations may know that I made the children of Israel to dwell in booths, when I brought them out of the land of Egypt. I am the LORD your God.'"
44 Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo.
Moses declared to the children of Israel the appointed feasts of the LORD.

< Mose 3 23 >