< Mose 3 2 >

1 “‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple dzudzɔdotike ɖe edzi,
「若有人獻素祭為供物給耶和華,要用細麵澆上油,加上乳香,
2 eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu.
帶到亞倫子孫作祭司的那裏;祭司就要從細麵中取出一把來,並取些油和所有的乳香,然後要把所取的這些作為紀念,燒在壇上,是獻與耶和華為馨香的火祭。
3 Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.
素祭所剩的要歸給亞倫和他的子孫;這是獻與耶和華的火祭中為至聖的。
4 “‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene.
「若用爐中烤的物為素祭,就要用調油的無酵細麵餅,或是抹油的無酵薄餅。
5 Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe.
若用鐵鏊上做的物為素祭,就要用調油的無酵細麵,
6 Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe.
分成塊子,澆上油;這是素祭。
7 Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi.
若用煎盤做的物為素祭,就要用油與細麵做成。
8 Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa.
要把這些東西做的素祭帶到耶和華面前,並奉給祭司,帶到壇前。
9 Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti.
祭司要從素祭中取出作為紀念的,燒在壇上,是獻與耶和華為馨香的火祭。
10 Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.
素祭所剩的要歸給亞倫和他的子孫。這是獻與耶和華的火祭中為至聖的。
11 “‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o.
「凡獻給耶和華的素祭都不可有酵;因為你們不可燒一點酵、一點蜜當作火祭獻給耶和華。
12 Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o.
這些物要獻給耶和華作為初熟的供物,只是不可在壇上獻為馨香的祭。
13 Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me.
凡獻為素祭的供物都要用鹽調和,在素祭上不可缺了你上帝立約的鹽。一切的供物都要配鹽而獻。
14 “‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ.
若向耶和華獻初熟之物為素祭,要獻上烘了的禾穗子,就是軋了的新穗子,當作初熟之物的素祭。
15 Kɔ ami ɖe edzi, eye nàkpe dzudzɔdonu ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.
並要抹上油,加上乳香;這是素祭。
16 Ekema nunɔla la atɔ dzo bli gbagbã la kple amia ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã abe dzovɔsa ene na Yehowa.
祭司要把其中作為紀念的,就是一些軋了的禾穗子和一些油,並所有的乳香,都焚燒,是向耶和華獻的火祭。」

< Mose 3 2 >