< Mose 3 19 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
וידבר יהוה אל משה לאמר
2 “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.
דבר אל כל עדת בני ישראל ואמרת אלהם--קדשים תהיו כי קדוש אני יהוה אלהיכם
3 “‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
איש אמו ואביו תיראו ואת שבתתי תשמרו אני יהוה אלהיכם
4 “‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
אל תפנו אל האלילם ואלהי מסכה לא תעשו לכם אני יהוה אלהיכם
5 “‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe.
וכי תזבחו זבח שלמים ליהוה--לרצנכם תזבחהו
6 Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe,
ביום זבחכם יאכל וממחרת והנותר עד יום השלישי באש ישרף
7 elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o.
ואם האכל יאכל ביום השלישי--פגול הוא לא ירצה
8 Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome.
ואכליו עונו ישא כי את קדש יהוה חלל ונכרתה הנפש ההוא מעמיה
9 “‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.
ובקצרכם את קציר ארצכם לא תכלה פאת שדך לקצר ולקט קצירך לא תלקט
10 Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
וכרמך לא תעולל ופרט כרמך לא תלקט לעני ולגר תעזב אתם אני יהוה אלהיכם
11 “‘Migafi fi o. “‘Migada alakpa o. “‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.
לא תגנבו ולא תכחשו ולא תשקרו איש בעמיתו
12 “‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
ולא תשבעו בשמי לשקר וחללת את שם אלהיך אני יהוה
13 “‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.
לא תעשק את רעך ולא תגזל לא תלין פעלת שכיר אתך--עד בקר
14 “‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
לא תקלל חרש--ולפני עור לא תתן מכשל ויראת מאלהיך אני יהוה
15 “‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.
לא תעשו עול במשפט--לא תשא פני דל ולא תהדר פני גדול בצדק תשפט עמיתך
16 “‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.
לא תלך רכיל בעמיך לא תעמד על דם רעך אני יהוה
17 “‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
לא תשנא את אחיך בלבבך הוכח תוכיח את עמיתך ולא תשא עליו חטא
18 “‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
לא תקם ולא תטר את בני עמך ואהבת לרעך כמוך אני יהוה
19 “‘Miwɔ nye seawo dzi. “‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o.
את חקתי תשמרו--בהמתך לא תרביע כלאים שדך לא תזרע כלאים ובגד כלאים שעטנז לא יעלה עליך
20 “‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o.
ואיש כי ישכב את אשה שכבת זרע והוא שפחה נחרפת לאיש והפדה לא נפדתה או חפשה לא נתן לה--בקרת תהיה לא יומתו כי לא חפשה
21 Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo.
והביא את אשמו ליהוה אל פתח אהל מועד--איל אשם
22 Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee.
וכפר עליו הכהן באיל האשם לפני יהוה על חטאתו אשר חטא ונסלח לו מחטאתו אשר חטא
23 “‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o.
וכי תבאו אל הארץ ונטעתם כל עץ מאכל--וערלתם ערלתו את פריו שלש שנים יהיה לכם ערלים--לא יאכל
24 Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene.
ובשנה הרביעת יהיה כל פריו--קדש הלולים ליהוה
25 Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
ובשנה החמישת תאכלו את פריו להוסיף לכם תבואתו אני יהוה אלהיכם
26 “‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “‘Migaka afa alo miawɔ adze o.
לא תאכלו על הדם לא תנחשו ולא תעוננו
27 “‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o.
לא תקפו פאת ראשכם ולא תשחית את פאת זקנך
28 “‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.
ושרט לנפש לא תתנו בבשרכם וכתבת קעקע לא תתנו בכם אני יהוה
29 “‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.
אל תחלל את בתך להזנותה ולא תזנה הארץ ומלאה הארץ זמה
30 “‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
את שבתתי תשמרו ומקדשי תיראו אני יהוה
31 “‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
אל תפנו אל האבת ואל הידענים אל תבקשו לטמאה בהם אני יהוה אלהיכם
32 “‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa!
מפני שיבה תקום והדרת פני זקן ויראת מאלהיך אני יהוה
33 “‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o.
וכי יגור אתך גר בארצכם--לא תונו אתו
34 Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!
כאזרח מכם יהיה לכם הגר הגר אתכם ואהבת לו כמוך--כי גרים הייתם בארץ מצרים אני יהוה אלהיכם
35 “‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o.
לא תעשו עול במשפט במדה במשקל ובמשורה
36 Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte.
מאזני צדק אבני צדק איפת צדק והין צדק--יהיה לכם אני יהוה אלהיכם אשר הוצאתי אתכם מארץ מצרים
37 “‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’”
ושמרתם את כל חקתי ואת כל משפטי ועשיתם אתם אני יהוה

< Mose 3 19 >