< Mose 3 18 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
The Lord told Moses,
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
“Tell the Israelites: I am the Lord your God.
3 Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.
Don't follow the ways of Egypt where you used to live, and don't follow the ways of Canaan where I'm going to take you. Don't adopt their practices.
4 Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
Do what I tell you and keep my rules. I am the Lord your God.
5 Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa.
If you keep my rules and do what I tell you, you will live. I am the Lord.
6 “‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
Don't have sex with a close relative.
7 “‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo
Don't shame your father by having sex with your mother. She is your mother; don't have sex with her.
8 alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.
Don't have sex with any of your father's wives and shame your father.
9 “‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.
Don't have sex with your sister, whether she's your father's daughter or your mother's daughter, or whether she was born in the same house as you or somewhere else.
10 “‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ.
Don't have sex with your granddaughter, your son's daughter or your daughter's daughter, because that would be shameful thing for you.
11 “‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o.
Don't have sex with the daughter of any of your father's wives and your father, she is your sister.
12 “‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò.
Don't have sex with your father's sister. She is a close relative of your father.
13 “‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò.
Don't have sex with your mother's sister. She is a close relative of your mother.
14 “‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o.
Don't bring shame on your uncle by having sex with his wife. She is your aunt.
15 “‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.
Don't have sex with your daughter-in-law. She is your son's wife. Don't have sex with her.
16 “‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.
Don't have sex with your brother's wife and bring shame on your brother.
17 “‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe.
Don't have sex with both a woman and her daughter. Don't have sex with her son's daughter or her daughter's daughter. They are her close relatives. That is something I loathe.
18 “‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa.
Don't marry your wife's sister and have sex with her while your wife is still alive. They will be hostile wives to one other.
19 “‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,
Don't have sex with a woman during the time she is unclean because of her period.
20 “‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o.
Don't commit any sex act with any other man's wife. This would pollute you and make you unclean.
21 “‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
Don't give any of your children as a human sacrifice to Molech, for you must not disgrace the character of your God. I am the Lord.
22 “‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ.
Don't have sex with a man as with a woman. That is something disgusting.
23 “‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ.
Don't have sex with any animal. This would pollute you and make you unclean.
24 “‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi.
A woman must not give herself to an animal to have sex with it. That is something disgusting. Don't pollute yourselves and make yourselves unclean by doing anything like this. That's the reason I'm expelling these nations from the land—they polluted themselves because of all these practices.
25 Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.
Even the land has become polluted, so I am punishing it for the sins committed by the people who live there, and the land will vomit them out.
26 Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe.
You, however, must do what I tell you and keep my rules. You must not do any of these disgusting acts, whether an Israelite or a foreigner living among you.
27 Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ.
The people who lived in the land before you practiced all these disgusting things, and the land became polluted.
28 Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene.
If you pollute the land, it will vomit you out just like it did the nations before you.
29 “‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome.
Consequently anyone who does any of these disgusting things must be expelled from their people.
30 Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
You must accept my demand that you don't follow any of these disgusting practices done before you arrived. Don't pollute yourselves and make yourselves unclean. I am the Lord your God.”

< Mose 3 18 >