< Mose 3 13 >

1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena,
Yahweh spoke to Moses and to Aaron, saying,
2 “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ.
“When anyone has on the skin of his body a swelling or scab or a bright spot, and it becomes infected and there is a skin disease in his body, then he must be brought to Aaron the high priest, or to one of his sons the priests.
3 Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o.
Then the priest will examine the disease in the skin of his body. If the hair in the diseased area has turned white, and if the disease appears to be deeper than just on the skin, then it is an infectious disease. After the priest examines him, he must pronounce him unclean.
4 Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre.
If the bright spot in his skin is white, and the appearance of it is no deeper than the skin, and if the hair in the diseased area has not turned white, then the priest must isolate the one with the disease for seven days.
5 Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu.
On the seventh day, the priest must examine him to see if in his opinion the disease is not any worse, and if it has not spread in the skin. If it has not, then the priest must isolate him seven days more.
6 Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ,
The priest will examine him again on the seventh day to see if the disease is better and has not spread farther in the skin. If it has not, then the priest will pronounce him clean. It is a rash. He must wash his clothes, and then he is clean.
7 gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ.
But if the rash has spread in the skin after he has shown himself to the priest for his cleansing, he must then show himself to the priest again.
8 Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze.
The priest will examine him to see if the rash has spread farther in the skin. If it has spread, then the priest must pronounce him unclean. It is an infectious disease.
9 “Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe.
When an infectious skin disease is in someone, then he must be brought to the priest.
10 Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la,
The priest will examine him to see if there is a white swelling in the skin, if the hair has turned white, or if there is raw flesh in the swelling.
11 ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la.
If there is, then it is a chronic skin disease, and the priest must pronounce him unclean. He will not isolate him, because he is already unclean.
12 “Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ,
If the disease breaks out widely in the skin and covers all the skin of the person with the disease from his head to his feet, as far as it appears to the priest,
13 kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu.
then the priest must examine him to see if the disease has covered all his body. If it has, then the priest must pronounce the person who has the disease as clean. If it has all turned white, then he is clean.
14 Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ.
But if raw flesh appears on him, he will be unclean.
15 Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o.
The priest must look at the raw flesh and pronounce him unclean because the raw flesh is unclean. It is an infectious disease.
16 Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ,
But if the raw flesh turns white again, then the person must go to the priest.
17 eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ.
The priest will examine him to see if the flesh has turned white. If it has then the priest will pronounce that person to be clean.
18 “Ne ƒoƒoe ƒo ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, wòɖi tsi vɔ,
When a person has a boil on the skin and it has healed,
19 eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa.
and in place of the boil there is white swelling or a bright spot, reddish-white, then it must be shown to the priest.
20 Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe.
The priest will examine it to see if it appears deeper under the skin, and if the hair there has turned white. If so, then the priest must pronounce him unclean. It is an infectious disease, if it has developed in the place where the boil was.
21 Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre.
But if the priest examines it and sees that there is no white hair in it, and that it is not under the skin but has faded, then the priest must isolate him for seven days.
22 Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla.
If it spreads widely in the skin, then the priest must pronounce him unclean. It is an infectious disease.
23 Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ.
But if the bright spot stays in its place and has not spread, then it is the scar of the boil, and the priest must pronounce him clean.
24 “Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la,
When the skin has a burn and the raw flesh of the burn has become a reddish-white or white spot,
25 ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi.
then the priest will examine it to see if the hair in that spot has turned white, and if it appears to be deeper than the skin. If it has, then it is an infectious disease. It has broken out in the burn, and the priest must pronounce him unclean. It is an infectious disease.
26 Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre,
But if the priest examines it and finds that there is no white hair in the spot, and it is not under the skin but has faded, then the priest must isolate him for seven days.
27 eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ.
Then the priest must examine him on the seventh day. If it has spread widely in the skin, then the priest must pronounce him unclean. It is an infectious disease.
28 Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse.
If the spot stays in its place and has not spread in the skin but has faded, then it is a swelling from the burn, and the priest must pronounce him clean, for it is nothing more than the scar of the burn.
29 “Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la,
If a man or woman has an infectious disease on the head or chin,
30 nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle.
then the priest must examine the person for an infectious disease to see if it appears to be deeper than the skin, and if there is yellow, thin hair in it. If there is, then the priest must pronounce him unclean. It is an itch, an infectious disease on the head or the chin.
31 Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre,
If the priest examines the itching disease and sees that it is not under the skin, and if there is no black hair in it, then the priest will isolate the person with the itching disease for seven days.
32 eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la,
On the seventh day the priest will examine the disease to see if it has spread. If there is no yellow hair, and if the disease appears to be only skin deep,
33 ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu,
then he must be shaved, but the diseased area must not be shaved, and the priest must isolate the person with the itching disease for seven more days.
34 eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ.
On the seventh day the priest will examine the disease to see if it has stopped spreading in the skin. If it appears to be no deeper than the skin, then the priest must pronounce him clean. The person must wash his clothes, and then he will be clean.
35 Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la,
But if the itching disease has spread widely in the skin after the priest said he was clean,
36 ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o.
then the priest must examine him again. If the disease has spread in the skin, the priest does not need to seek for yellow hair. The person is unclean.
37 Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ.
But if in the priest's view the itching disease has stopped spreading and black hair has grown in the area, then the disease has healed. He is clean, and the priest must pronounce him clean.
38 “Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii,
If a man or a woman has white spots on the skin,
39 eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu.
then the priest must examine the person to see if the spots are a dull white, which is only a rash that has broken out in the skin. He is clean.
40 “Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o!
If a man's hair has fallen out of his head, he is bald, but he is clean.
41 Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o.
If his hair has fallen out of the front part of his head, and if his forehead is bald, he is clean.
42 Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle.
But if there is a reddish-white sore on his bald head or forehead, it is an infectious disease that has broken out.
43 Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la,
Then the priest must examine him to see if the swelling of the diseased area on his bald head or forehead is reddish-white, like the appearance of an infectious disease in the skin.
44 ekema nunɔla la atso nya me be amea dze kpodɔ.
If it is, then he has an infectious disease and he is unclean. The priest must surely pronounce him unclean because of his disease on his head.
45 “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’
The person who has an infectious disease must wear torn clothes, his hair must hang loosely, and he must cover his face up to his nose and call out, 'Unclean, unclean.'
46 Ŋkeke ale si dɔléle la le eŋu ko la, eŋuti mekɔ o. Ele be wòanɔ asaɖa la godo.”
All the days that he has the infectious disease he will be unclean. Because he is unclean with a disease that can spread, he must live alone. He must live outside the camp.
47 “Ne nane dze le nudodo alo nutata aɖe me, eɖanye lãfu tɔ alo ɖeti tɔ,
A garment that is contaminated with mildew, whether it is a wool or linen garment,
48 alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu,
or anything woven or knitted from wool or linen, or leather or anything made with leather—
49 eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ.
if there is a greenish or reddish contamination in the garment, the leather, the woven or knitted material, or anything made of leather, then it is a mildew that spreads; it must be shown to the priest.
50 Nunɔla la atsɔ nu la adzra ɖo ŋkeke adre,
The priest must examine the item for mildew; he must isolate anything that has mildew for seven days.
51 eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae.
He must examine the mildew again on the seventh day. If it has spread in the garment or anything woven or knitted from wool or linen material, or leather or anything in which leather is used, then it is harmful mildew, and the item is unclean.
52 Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe.
He must burn the garment, or anything woven or knitted from wool or linen material, or leather or anything made with leather, anything in which the harmful mildew is found, for it can lead to disease. The item must be completely burned up.
53 “Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la,
If the priest examines the item and sees that the mildew has not spread in the garment or material woven or knitted from wool or linen, or leather goods,
54 ekema ana woanya alo aklɔ nu la, eye wòatsɔe adzra ɖo ŋkeke adre.
then he will command them to wash the item in which the mildew was found, and he must isolate it for seven more days.
55 Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme.
Then the priest will examine the item after the mildewed item was washed. If the mildew has not changed its color, even though it has not spread, it is unclean. You must burn the item, no matter where the mildew has contaminated it.
56 Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me.
If the priest examines the item, and if the mildew has faded after it was washed, then he must tear out the contaminated part from the garment or from the leather, or from the woven or knitted material.
57 Ke ne wogakpɔ dzesi ma le nu lɔlɔ̃a me la, ekema kpodɔe: ele be nunɔla la natɔ dzoe.
If the mildew still appears in the garment, either in the woven or knitted material, or in anything made of leather, it is spreading. You must burn any item that has the mildew.
58 Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.”
The garment or anything woven or knitted from wool or linen material, or leather or anything made with leather—if you wash the item and the mildew is gone, then the item must be washed a second time, and it will be clean.
59 Esiawoe nye se siwo ku ɖe kpodɔ ƒe avɔ si wolɔ̃ kple lãfu alo ɖeti me nɔnɔ ŋuti. Wofia ale si woawɔ aka ɖe edzi be kpodɔléle la le eme loo alo mele eme o.
This is the law about mildew in a garment of wool or linen, or anything woven or knitted from wool or linen material, or leather or anything made with leather, so that you may pronounce it clean or unclean.”

< Mose 3 13 >