< Mose 3 12 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
2 “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi.
Speak to the sons of Israel, saying, If a woman conceives seed, and bears a man-child, then she shall be unclean seven days, as in the days of the impurity of her sickness she shall be unclean.
3 Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe.
And in the eighth day the flesh of his foreskin shall be circumcised.
4 Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o.
And she shall continue in the blood of her purifying thirty-three days. She shall touch no hallowed thing, nor come into the sanctuary, until the days of her purifying be fulfilled.
5 Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm.
But if she bears a maid-child, then she shall be unclean two weeks, as in her impurity, and she shall continue in the blood of her purifying sixty-six days.
6 “‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu,
And when the days of her purifying are fulfilled, for a son, or for a daughter, she shall bring a lamb a year old for a burnt offering, and a young pigeon, or a turtle-dove, for a sin offering, to the door of the tent of meeting, to the priest.
7 nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe.
And he shall offer it before Jehovah, and make atonement for her, and she shall be cleansed from the fountain of her blood. This is the law for her who bears, whether a male or a female.
8 Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’”
And if her means are not sufficient for a lamb, then she shall take two turtle-doves, or two young pigeons, the one for a burnt offering, and the other for a sin offering. And the priest shall make atonement for her, and she shall be clean.