< Mose 3 11 >

1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena,
And the Lord spoke to Moses and Aaron, saying:
2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu.
Say to the children of Israel: These are the animals which you are to eat of all the living things of the earth.
3 Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna.
Whatsoever hath the hoof divided, and cheweth the cud among the beasts, you shall eat.
4 “‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi.
But whatsoever cheweth indeed the cud, and hath a hoof, but divideth it not, as the camel, and others, that you shall not eat, but shall reckon it among the unclean.
5 Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi.
The cherogrillus which cheweth the cud, but divideth not the hoof, is unclean.
6 Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi.
The hare also: for that too cheweth the cud, but divideth not the hoof.
7 Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi.
And the swine, which, though it divideth the hoof, cheweth not the cud.
8 Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.
The flesh of these you shall not eat, nor shall you touch their carcasses, because they are unclean to you.
9 “‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me.
These are the things that breed in the waters, and which it is lawful to eat. All that hath fins, and scales, as well in the sea, as in the rivers, and the pools, you shall eat.
10 Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi.
But whatsoever hath not fins and scales, of those things that move and live in the waters, shall be an abomination to you,
11 Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi.
And detestable: their flesh you shall not eat, and their carcasses you shall avoid.
12 Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi.
All that have not fins and scales, in the waters, shall be unclean.
13 “‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo,
Of birds these are they which you must not eat, and which are to be avoided by you: The eagle, and the griffon, and the osprey,
14 aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo,
And the kite, and the vulture, according to their kind,
15 akpaviã ƒomevi vovovoawo,
And all that is of the raven kind, according to their likeness.
16 adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako,
The ostrich, and the owl, and the larus, and the hawk according to its kind.
17 ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi,
The screech owl, and the cormorant, and the ibis,
18 favieʋuto, aluge kple akaga,
And the swan, and the bittern, and the porphyrion,
19 damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ.
The heron, and the charadrion according to its kind, the houp also, and the bat.
20 “‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi.
Of things that fly, whatsoever goeth upon four feet, shall be abominable to you.
21 Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba.
But whatsoever walketh upon four feet, but hath the legs behind longer, wherewith it hoppeth upon the earth,
22 Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã.
That you shall eat, as the bruchus in its kind, the attacus, and ophiomachus, and the locust, every one according to their kind.
23 Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o.
But of dying things whatsoever hath four feet only, shall be an abomination to you:
24 “‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ,
And whosoever shall touch the carcasses of them, shall be defiled, and shall be unclean until the evening:
25 eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene.
And if it be necessary that he carry any of these things when they are dead, he shall wash his clothes, and shall be unclean until the sun set.
26 “‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ.
Every beast that hath a hoof, but divideth it not, nor cheweth the cud, shall be unclean: and he that toucheth it, shall be defiled.
27 Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
That which walketh upon hands of all animals which go on all four, shall be unclean: he that shall touch their carcasses shall be defiled until evening.
28 Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu.
And he that shall carry such carcasses, shall wash his clothes, and shall be unclean until evening: because all these things are unclean to you.
29 “‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo,
These also shall be reckoned among unclean things, of all that move upon the earth, the weasel, and the mouse, and the crocodile, every one according to their kind:
30 xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama.
The shrew, and the chameleon, and the stello, and the lizard, and the mole:
31 Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
All these are unclean. He that toucheth their carcasses shall be unclean until the evening.
32 Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ.
And upon what thing soever any of their carcasses shall fall, it shall be defiled, whether it be a vessel of wood, or a garment, or skins or haircloths; or any thing in which work is done, they shall be dipped in water, and shall be unclean until the evening, and so afterwards shall be clean.
33 Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la.
But an earthen vessel, into which any of these shall fall, shall be defiled, and therefore is to be broken.
34 Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o.
Any meat which you eat, if water from such a vessel be poured upon it, shall be unclean; and every liquor that is drunk out of any such vessel, shall be unclean.
35 Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe.
And upon whatsoever thing any of these dead beasts shall fall, it shall be unclean: whether it be oven, or pots with feet, they shall be destroyed, and shall be unclean.
36 Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o.
But fountains and cisterns, and all gatherings together of waters shall be clean. He that toucheth their carcasses shall be defiled.
37 Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o.
If it fall upon seed corn, it shall not defile it.
38 Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o.
But if any man pour water upon the seed, and afterwards it be touched by the carcasses, it shall be forthwith defiled.
39 “‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
If any beast die, of which it is lawful for you to eat, he that toucheth the carcass thereof, shall be unclean until the evening:
40 Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
And he that eateth or carrieth any thing thereof, shall wash his clothes, and shall be unclean until the evening.
41 “‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o.
All that creepeth upon the earth shall be abominable, neither shall it be taken for meat.
42 Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri.
Whatsoever goeth upon the breast on four feet, or hath many feet, or traileth on the earth, you shall not eat, because it is abominable.
43 Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o.
Do not defile your souls, nor touch aught thereof, lest you be unclean,
44 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o.
For I am the Lord your God: be holy because I am holy. Defile not your souls by any creeping thing, that moveth upon the earth.
45 Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye.
For I am the Lord, who brought you out of the land of Egypt, that I might be your God.
46 “‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu.
You shall be holy, because I am holy. This is the law of beasts and fowls, and of every living creature that moveth in the waters, and creepeth on the earth:
47 Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’”
That you may know the differences of the clean, and unclean, and know what you ought to eat, and what to refuse.

< Mose 3 11 >