< Konyifahawo 5 >
1 O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.
Remember, O LORD, what has happened to us. Look and see our disgrace!
2 Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo.
Our inheritance has been turned over to strangers, our houses to foreigners.
3 Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo.
We have become fatherless orphans; our mothers are widows.
4 Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.
We must buy the water we drink; our wood comes at a price.
5 Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.
We are closely pursued; we are weary and find no rest.
6 Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.
We submitted to Egypt and Assyria to get enough bread.
7 Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi.
Our fathers sinned and are no more, but we bear their punishment.
8 Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o.
Slaves rule over us; there is no one to deliver us from their hands.
9 Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta.
We get our bread at the risk of our lives because of the sword in the wilderness.
10 Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta.
Our skin is as hot as an oven with fever from our hunger.
11 Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me.
Women have been ravished in Zion, virgins in the cities of Judah.
12 Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o.
Princes have been hung up by their hands; elders receive no respect.
13 Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.
Young men toil at millstones; boys stagger under loads of wood.
14 Ame tsitsiwo vɔ le agbonu eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso.
The elders have left the city gate; the young men have stopped their music.
15 Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.
Joy has left our hearts; our dancing has turned to mourning.
16 Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!
The crown has fallen from our head. Woe to us, for we have sinned!
17 Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ,
Because of this, our hearts are faint; because of these, our eyes grow dim—
18 Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.
because of Mount Zion, which lies desolate, patrolled by foxes.
19 O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.
You, O LORD, reign forever; Your throne endures from generation to generation.
20 Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?
Why have You forgotten us forever? Why have You forsaken us for so long?
21 O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene.
Restore us to Yourself, O LORD, so we may return; renew our days as of old,
22 Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.
unless You have utterly rejected us and remain angry with us beyond measure.