< Konyifahawo 4 >

1 Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi.
怎麼! 黃金竟暗淡無光,純金竟變了色! 聖所的石頭都散亂在街頭!
2 Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!
熙雍的子女,原比純金尊貴,怎麼現在竟被看作瓦器,被看作陶人的出品!
3 Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene.
豺狼尚且露出乳房,哺養自己的幼兒;我的女兒──人民,竟然殘暴不仁,好似曠野中的鴕鳥!
4 Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo; ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe gake ame aɖeke meli ana wo o.
嬰兒的舌頭,乾渴得緊貼上顎;幼童飢餓求食,卻無人分給他們。
5 Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.
昔日飽享山珍海味,今日竟餓死街頭;一向衣飾華麗,而今卻滿身糞土。
6 Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.
我的女兒──人民的罪罰,比索多瑪的還重,索多瑪頃刻間傾覆了,並非假手於人。
7 Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.
昔日,她的少年,比雪還潔白,比乳還皎潔;他們的皮膚,比珊瑚還紅潤,他們的身體好似一片青玉。
8 Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene.
而今,他們的容貌,比炭還黑,在街上已辨認不出,皮包骨頭,枯瘦如柴;
9 Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta.
死於刀下的,比死於饑餓的,即因缺乏田產,日漸衰弱而死的,更為幸運。
10 Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa, eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m.
柔情的婦女竟要親手烹食自己的子女;在我的女兒──人民遭受浩劫時,子女竟成了母親的食物。
11 Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.
上主大發震怒,傾洩了他的怒火,火燒熙雍,焚毀了他的基礎。
12 Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o.
地上的君王和世上的居民,誰也不相信:仇敵能進入耶路撒冷的城門。
13 Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me.
這是由於她先知們的罪惡,和她司祭們的過犯:他們在城中心,傾流了義人的血;
14 Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o.
他們身染血污,像瞎子一樣,徘徊街頭,叫人不能觸摸他們的衣服。「
15 Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.”
不潔! 退避! 」人們喊說:「退避! 不可接近! 」如果他們逃亡,漂流異邦,異邦人又說:「不要讓他們留居此地。」
16 Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o.
上主的怒容驅散他們,不再垂顧他們;人也不再尊敬司祭,不再敬重長老。
17 Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava.
我們還在望眼欲穿,幻想著我們的救援;我們仍在瞭望台上,期望著那不能施救的異邦。
18 Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo.
敵人正在追蹤我們的足跡,阻止我們在街上行走;我們的結局已近,我們的日子已滿;的確,我們的終期已到。
19 Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.
追捕我們的人,比凌空的飛鳥還要快速;他們在山上搜索我們,在曠野裏窺伺我們。
20 Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome.
連我們的氣息──上主的受傅者,也落在他們的陷阱中:我們原希望在他的福蔭下,生活在異邦人中。
21 O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò.
住在胡茲地的厄東女郎! 你歡欣喜樂罷! 苦爵也要輪到你喝,你將要醉倒,而赤身裸體。
22 O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.
熙雍女郎! 你的罪債已經償還,上主不再使你流徙;厄東女郎! 他必要懲罰你的過犯,揭露你的罪惡。

< Konyifahawo 4 >