< Konyifahawo 1 >

1 “Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.
The city that once was full of people is now sitting all alone. She has become like a widow, though she was a mighty nation. She was a princess among the nations, but is now forced into slavery.
2 “Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.
She weeps and wails in the night, and her tears cover her cheeks. None of her lovers comfort her. All her friends have betrayed her. They have become her enemies.
3 “Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.
After poverty and affliction, Judah has gone into exile. She lives among the nations and finds no rest. All her pursuers overtook her in her desperation.
4 “Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.
The roads of Zion mourn because none come to the appointed feasts. All her gates are desolate. Her priests groan. Her virgins are sorrowful and she herself is in complete distress.
5 “Eƒe futɔwo zu edziɖulawo eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi. Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta. Viawo yi ɖe aboyo me, eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ.
Her adversaries have become her master; her enemies prosper. Yahweh has afflicted her for her many sins. Her little children go into captivity to her adversary.
6 “Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene.
Beauty has left the daughter of Zion. Her princes have become like deer that cannot find pasture, and they go without strength before their pursuer.
7 “Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.
In the days of her affliction and her homelessness, Jerusalem will call to mind all her precious treasures that she had in former days. When her people fell into the hand of the adversary, no one helped her. The adversaries saw her and laughed at her destruction.
8 “Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.
Jerusalem sinned greatly, therefore, she has become scorned as something that is filthy. All who honored her now despise her since they have seen her nakedness. She groans and tries to turn away.
9 “Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.”
She has become unclean beneath her skirts. She did not think about her future. Her fall was terrible. There was no one to comfort her. She cried out, “Look at my affliction, Yahweh, for the enemy has become too great!”
10 Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la.
The adversary has put his hand on all our precious treasures. She has seen the nations enter her sanctuary, even though you had commanded that they must not enter into your assembly place.
11 Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.”
All her people groan as they search for bread. They have given their precious treasures for food to restore their lives. Look, Yahweh, and consider me, for I have become worthless.
12 “Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?
Is it nothing to you, all you who pass by? Look and see if there is anyone else's sorrow like the sorrow that is being inflicted on me, since Yahweh has tormented me on the day of his fierce anger.
13 “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã.
It is from on high that he has sent fire into my bones, and it has conquered them. He has spread a net for my feet and turned me back. He has made me constantly desolate and weak.
14 “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.
The yoke of my transgressions is bound together by his hand. They are knit together and placed upon my neck. He has made my strength fail. The Lord has given me over into their hands, and I am not able to stand.
15 “Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.
The Lord has tossed aside all my mighty men who defended me. He has called an assembly against me to crush my vigorous men. The Lord has trampled the virgin daughter of Judah in the winepress.
16 “Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.”
For these things I weep, my eyes overflow with tears; for a comforter is far from me, one who restores my life. My children are desolate because the enemy has conquered me.
17 Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome.
Zion has spread her hands wide; there is none to comfort her. Yahweh has commanded that those around Jacob should be his adversaries. Jerusalem is something unclean to them.
18 “Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.
Yahweh is righteous, for I have rebelled against his commandment. Hear, all you peoples, and see my sorrow. My virgins and my vigorous men have gone into captivity.
19 “Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe.
I called for my friends, but they were treacherous toward me. My priests and my elders perished in the city, while they sought food to restore their lives.
20 “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li.
Look, Yahweh, for I am in distress; my stomach churns, my heart is disturbed within me, for I have been very rebellious. Outside, the sword bereaves a mother, inside the house there is only death.
21 “Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene.
They have heard my groaning, but there is no one to comfort me. All my enemies have heard of my trouble and they are glad that you have done it. You have brought the day you promised; now let them become like me.
22 “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.”
Let all their wickedness come before you. deal with them as you have dealt with me because of all my transgressions. My groans are many and my heart is faint.

< Konyifahawo 1 >