< Ʋɔnudrɔ̃lawo 1 >
1 Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la yi Yehowa gbɔ be wòana eƒe ɖoɖowo yewo. Wobia Yehowa be, “Mía dometɔ kae anye ƒome gbãtɔ si aho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu?”
大與西默盎出征 若蘇厄死後,以色列子民詢問上主說:「我們中誰應首先上去供攻打客納罕人﹖」
2 Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe to lae eye mana wòaɖu dzi.”
上主說﹕「猶大先上去。看,我已將那地交在他手中。」
3 Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu.
猶大遂對自己的兄弟西默盎說﹕「請你同我到我拈龜所得的地方去,與客納罕人作戰,日後我也同你到你拈龜所得的地方去。」西默盎就同他去了。
4 Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek.
猶大上去,上主把客納罕人和培黎齊人交在他們手中,他們在貝則克擊殺了一萬人。
5 Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii,
他們在貝則克又遇上了阿多尼貝則克,與他交戰,擊敗了客納罕人和培黎齊人。
6 ke Adoni Bezek si eye wokplɔe ɖo, lée eye wolã eƒe degblefetsu asitɔwo kple afɔtɔwo siaa.
阿多尼貝則克逃走,他們在後面追趕,捉住他,割去了他手腳的姆指。
7 Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma.
阿多尼貝則克說:「七十位王子被割去了手腳的姆指,在我桌下拾取零碎食物;天主照我所行的報復了我。」他們將他帶到耶路撒冷,他就死在那裏。
8 Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua.
猶大子孫攻打了耶路撒冷,將城佔領,用利劍殺了城中的居民,放火燒了城。
9 Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta.
此後,猶大子孫下去與住在山地、南方和平原的客納罕人作戰。
10 Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai.
猶大又去攻打住在赫貝龍的客納罕人,─郝貝龍以前名叫克黎雅特阿爾巴─擊敗了舍瑟、阿希曼和塔耳買。
11 Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi.
他們從那裏又去攻打住在德彼爾的居民,─德彼爾以前名叫克黎雅特色費爾。
12 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi.
那時加肋布說:「誰能攻打克黎雅特色費爾,將城拿下,我就將我的女兒阿革撒嫁給他為妻。」
13 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a.
加肋布的弟弟刻納次的兒子敖特尼耳奪取了那城,加肋布遂把自己的女兒阿革撒嫁給他為妻。
14 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”
當她過門的時候,丈夫勸她向父親要一塊田地,她一下驢,加肋布便問她說:「你要什麼﹖」
15 Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ.
她答說:「請你給我一件禮物,因為你既把我安置於南方旱地,求你也將水泉給我! 」加肋布遂把上泉和下泉給了她。
16 Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi.
梅瑟的姻親刻尼的子孫從棕樹城上來,同猶大子孫一同往阿辣得南方的猶大曠野去,與那裏的百姓住在一起。
17 Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.”
以後猶大和他兄弟西默盎又起程,擊敗了住在責法特的客納罕人,將城完全毀滅,故稱這城為曷爾瑪。
18 Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo.
猶大卻未能奪取迦薩及其四境;阿布刻隆及其四境;厄刻龍及其四境。
19 Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si.
上主與猶大同在,因此,他佔據了山地,但不能趕走平原的居民,因為他們有鐵甲車。
20 Wotsɔ Hebron du la na Kaleb le Yehowa ƒe ŋugbedodo nu, ale Kaleb nya dua me tɔwo, ame siwo nye Anak ƒe vi etɔ̃awo ƒe dzidzimeviwo.
按照梅瑟吩咐的,他們把赫貝龍給了加肋布,因為他由那裏鏟除了阿納克的三支後裔。其餘各支派佔領基業
21 Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe.
本雅明子孫沒有逐出住在耶路撒冷的耶步斯人,因此耶步斯人與本雅明子孫,直到今日同住在耶路撒冷。
22 Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo.
若瑟家族也上去攻打貝特耳,上主與他們同在。
23 Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la,
當若瑟家族差人去偵探貝特耳時,─這城昔名叫路次,─
24 ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.”
偵探看見一個人從城裏出來,就向他說:「請指給我們進城的路,我們必要恩待你。」
25 Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko.
那人就指給了他們進城的路;他們用刀屠殺了全城的百姓,但把那人和他全家放走了。
26 Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe.
那人到了赫特人的地方,建了一座城,起名叫路次,直到今日仍叫此名。
27 Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi.
默納協沒有趕走貝特商及其屬境的居民,塔納客及其屬境的居民,多爾及其屬境的居民,依貝肋罕及其屬境的居民,默基多及其屬境的居民,客納罕人依舊住在這些地方。
28 Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o.
等到以色列強盛了,只能使客納罕人服役,終未能把他們全部逐出。
29 Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome.
厄弗辣因也沒有逐出住在革則爾的客納罕人,所以客納罕人仍在革則爾住在他們中間。
30 Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo.
則步隆也沒有逐出克特龍的居民及納哈羅耳的居民,客納罕人仍住在他們中間,但應為他們服役。
31 Aser ƒe viwo menya ame siwo nɔ Ako, Sidon, Ahlab, Akzib, Helba, Afek kple Rehob o.
阿協爾也沒有把阿苛、漆冬、阿赫拉布、阿革齊布、赫耳巴、阿費克和勒曷布的居民逐出,
32 Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o.
所以阿協爾人住在當地的居民客納罕人中間,因為他們沒有把他們逐出去。
33 Nenema ke Naftali ƒe viwo hã menya ame siwo nɔ Bet Semes alo Bet Anat o, ke boŋ Naftali ƒe viwo hã nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome. Ke wona ame siwo nɔ Bet Semes kple Bet Anat la zu dzizizidɔwɔlawo na wo.
納裴塔里也沒有把貝特舍默士的居民和貝特阿納特的居民逐出,於是他們就住在當地的居民客納罕人中間;但是貝特舍默士和貝特阿納特的居民應為他們服役。
34 Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o.
阿摩黎人強迫丹的子孫住在山上,不讓他們下到平原。
35 Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo.
阿摩黎人依舊住在哈爾赫勒斯、阿雅隆和沙耳賓;但在若瑟家族勢力強大之後,他們就成了服役的人。
36 Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim to dzi mɔ gã la gbɔ yi ɖe Sela kple egodo ke.
厄東人的境界,是從阿刻辣賓山坡直到色拉以上地帶。