< Ʋɔnudrɔ̃lawo 9 >
1 Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem
耶路‧巴力的兒子亞比米勒到了示劍見他的眾母舅,對他們和他外祖全家的人說:
2 eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se.
「請你們問示劍的眾人說,是耶路‧巴力的眾子七十人都管理你們好呢?還是一人管理你們好呢?你們又要記念我是你們的骨肉。」
3 Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsitsiwo gbɔ hetsɔ Abimelek ƒe nya la ɖo woƒe ŋkume. Woɖo be, esi Abimelek dada tso yewoƒe dua me ta la, yewoxɔ Abimelek ƒe nya la.
他的眾母舅便將這一切話為他說給示劍人聽,示劍人的心就歸向亞比米勒。他們說:「他原是我們的弟兄」;
4 Ale wona gae tso esi wodzɔ le trɔ̃ Baal Berit subɔƒe la me eye fia Abimelek tsɔ ga sia ƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu.
就從巴力‧比利土的廟中取了七十舍客勒銀子給亞比米勒;亞比米勒用以雇了些匪徒跟隨他。
5 Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui.
他往俄弗拉到他父親的家,將他弟兄、耶路‧巴力的眾子七十人都殺在一塊磐石上;只剩下耶路‧巴力的小兒子約坦,因為他躲藏了。
6 Esia megbe la, Sekemtɔwo kple Betmilɔtɔwo wɔ takpekpe gã aɖe le oɖumti la te le Sekem eye woɖo Abimelek fiae.
示劍人和米羅人都一同聚集,往示劍橡樹旁的柱子那裏,立亞比米勒為王。
7 Esi wogblɔ nya sia na Yotam la, eyi Gerizim to la tame eye wòdo ɣli gblɔ na wo be, “Miɖo tom, mi Sekemtɔwo, ale be Mawu naɖo to mi.
有人將這事告訴約坦,他就去站在基利心山頂上,向眾人大聲喊叫說:「示劍人哪,你們要聽我的話,上帝也就聽你們的話。
8 Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be woaɖo fia na wo ɖokui. Wogblɔ na amiti be, ‘Ɖu fia ɖe mía dzi.’
有一時,樹木要膏一樹為王,管理他們,就去對橄欖樹說:『請你作我們的王。』
9 “Gake amiti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ amidzidzi, ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu be mava ɖu fia ɖe atiwo dzia?’
橄欖樹回答說:『我豈肯止住供奉神和尊重人的油,飄颻在眾樹之上呢?』
10 “Emegbe la wogblɔ na gboti be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
樹木對無花果樹說:『請你來作我們的王。』
11 “Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’
無花果樹回答說:『我豈肯止住所結甜美的果子,飄颻在眾樹之上呢?』
12 “Wogblɔ na wainka be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
樹木對葡萄樹說:『請你來作我們的王。』
13 “Ke wainka ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ wain si doa dzidzɔ na mawuwo kple amewo siaa la tsetse ale be maɖu fia ɖe atiwo dzia.’
葡萄樹回答說:『我豈肯止住使神和人喜樂的新酒,飄颻在眾樹之上呢?』
14 “Mlɔeba la, atiawo katã gblɔ na ŋuti be, ‘Va, nàɖu fia ɖe mía dzi.’
眾樹對荊棘說:『請你來作我們的王。』
15 “Ŋuti gblɔ na atiawo be, ‘Ne miaɖom fiae ɖe mia nu vavã la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te, ke ne menye nenema o la, mina dzo nado tso ŋuti la me ava bi Lebanon ƒe sedatiwo.’”
荊棘回答說:『你們若誠誠實實地膏我為王,就要投在我的蔭下;不然,願火從荊棘裏出來,燒滅黎巴嫩的香柏樹。』
16 Yotam yi edzi be, “Ɖe miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu be mietsɔ Abimelek ɖo fia mahã?
「現在你們立亞比米勒為王,若按誠實正直善待耶路‧巴力和他的全家,這就是酬他的勞。
17 Fofonye wɔ aʋa na mi, tsɔ eƒe agbe ke eye wòɖe mi tso Midiantɔwo ƒe asi me,
從前我父冒死為你們爭戰,救了你們脫離米甸人的手。
18 ke mietso ɖe eŋu eye miewu via blaadre le kpe ɖeka dzi. Azɔ la, mietsɔ via Abimelek, ame si nye fofonye ƒe kosi vi la ɖo fiae elabena miaƒe ƒometɔ wònye.
你們如今起來攻擊我的父家,將他眾子七十人殺在一塊磐石上,又立他婢女所生的兒子亞比米勒為示劍人的王;他原是你們的弟兄。
19 Ne mieka ɖe edzi be yewowɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu la, ekema agbe nadidi na mi eye eme nafa na miawo kple Abimelek siaa.
你們如今若按誠實正直待耶路‧巴力和他的家,就可因亞比米勒得歡樂,他也可因你們得歡樂;
20 Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!”
不然,願火從亞比米勒發出,燒滅示劍人和米羅眾人,又願火從示劍人和米羅人中出來,燒滅亞比米勒。」
21 Azɔ vɔvɔ̃ na nɔvia Abimelek ta la, Yotam si yi ɖanɔ Beer.
約坦因怕他弟兄亞比米勒,就逃跑,來到比珥,住在那裏。
22 Le Abimelek ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe etɔ̃ megbe la,
亞比米勒管理以色列人三年。
23 Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu.
上帝使惡魔降在亞比米勒和示劍人中間,示劍人就以詭詐待亞比米勒。
24 Le nya siwo va dzɔ me la, wohe to na Abimelek kple Sekemtɔ siwo kpe ɖe eŋu le Yerubaal ƒe vi blaadreawo wuwu me.
這是要叫耶路‧巴力七十個兒子所受的殘害歸與他們的哥哥亞比米勒,又叫那流他們血的罪歸與幫助他殺弟兄的示劍人。
25 Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti.
示劍人在山頂上設埋伏,等候亞比米勒。凡從他們那裏經過的人,他們就搶奪。有人將這事告訴亞比米勒。
26 Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me.
以別的兒子迦勒和他的弟兄來到示劍,示劍人都信靠他。
27 Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.
示劍人出城到田間去,摘下葡萄,踹酒,設擺筵宴,進他們神的廟中吃喝,咒詛亞比米勒。
28 Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu!
以別的兒子迦勒說:「亞比米勒是誰?示劍是誰?使我們服事他呢?他不是耶路‧巴力的兒子嗎?他的幫手不是西布勒嗎?你們可以服事示劍的父親哈抹的後裔。我們為何服事亞比米勒呢?
29 Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’”
惟願這民歸我的手下,我就除掉亞比米勒。」迦勒又對亞比米勒說:「增添你的軍兵出來吧。」
30 Ke esi dumegã Zebul se nya si Gaal gblɔ la, edo dɔmedzoe.
邑宰西布勒聽見以別的兒子迦勒的話,就發怒,
31 Enumake eɖo du ɖe Abimelek le Aruma be, “Gaal, Ebed ƒe vi kple eƒe ƒometɔwo ʋu va le Sekem eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo be woatso ɖe ŋuwò.
悄悄地打發人去見亞比米勒,說:「以別的兒子迦勒和他的弟兄到了示劍,煽惑城中的民攻擊你。
32 Wò kple wò aʋakɔ miva be ɖe gbedzi le zã me
現在你和跟隨你的人今夜起來,在田間埋伏。
33 eye ne ŋu ke ko la, mige ɖe dua me. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, ekema miate ŋu awɔ nu sia nu si dze mia ŋu la kpli wo!”
到早晨太陽一出,你就起來闖城。迦勒和跟隨他的人出來攻擊你的時候,你便向他們見機而做。」
34 Abimelek kple eƒe amewo zɔ mɔ le zã me, woma ɖe akpa ene me eye wode xa ɖe teƒe vovovowo ƒo xlã dua.
於是,亞比米勒和跟隨他的眾人夜間起來,分作四隊,埋伏等候示劍人。
35 Esi ŋu ke, le ŋdi me la, esime Gaal nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo nu henɔ aɖaŋu dem kple dumemetsitsiawo la, Abimelek kple eƒe amewo lũ ɖe dua dzi.
以別的兒子迦勒出去,站在城門口。亞比米勒和跟隨他的人從埋伏之處起來。
36 Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”
迦勒看見那些人,就對西布勒說:「看哪,有人從山頂上下來了。」西布勒說:「你看見山的影子,以為是人。」
37 Gaal yi edzi be, “Kpɔ afi ma nyuie, meka ɖe edzi be mekpɔ amewo le lulũm ɖe mía dzi gbɔna. Kpɔ afi sia hã ɖa, ame bubuwo hã gbɔna; wodze le Meomenim ƒe oɖumti la ŋu!”
迦勒又說:「看哪,有人從高處下來,又有一隊從米惡尼尼橡樹的路上而來。」
38 Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!”
西布勒對他說:「你曾說,亞比米勒是誰,叫我們服事他?你所誇的口在哪裏呢?這不是你所藐視的民嗎?你現在出去,與他們交戰吧!」
39 Enumake Gaal kplɔ Sekemtɔwo eye wowɔ aʋa kple Abimelek.
於是迦勒率領示劍人出去,與亞比米勒交戰。
40 Ke Abimelek ƒe amewo ɖu Gaal dzi. Sekemtɔ geɖewo xɔ abi eye womlɔ aʋagbe la dzi va se ɖe keke dua ƒe agbo nu ke.
亞比米勒追趕迦勒;迦勒在他面前逃跑,有許多受傷仆倒的,直到城門。
41 Abimelek nɔ Aruma ɣe ma ɣi. Zebul nya Gaal kple eƒe ƒometɔwo le Sekem eye meɖe mɔ be woaganɔ afi ma o.
亞比米勒住在亞魯瑪。西布勒趕出迦勒和他弟兄,不准他們住在示劍。
42 Le ŋufɔke la, Sekemtɔwo gayi aʋa, ke ame aɖe fi tofi na Abimelek tso woƒe ɖoɖowo ŋu.
次日,民出到田間,有人告訴亞比米勒;
43 Ale wòma eƒe aʋawɔlawo ɖe akpa etɔ̃ eye wòɣla wo ɖe gbedzi. Esi Sekemtɔwo do ta ɖa la, Abimelek ƒe amewo dze wo dzi eye wode asi wo wuwu me.
他就把他的人分作三隊,埋伏在田間,看見示劍人從城裏出來,就起來擊殺他們。
44 Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi.
亞比米勒和跟隨他的一隊向前闖去,站在城門口;那兩隊直闖到田間,擊殺了眾人。
45 Wowɔ aʋa ŋkeke blibo la hafi Abimelek te ŋu xɔ du la. Ewu amewo eye wògbã du la.
亞比米勒整天攻打城,將城奪取,殺了其中的居民,將城拆毀,撒上了鹽。
46 Esi Migdaltɔwo kpɔ nu si dzɔ la, wosi yi mɔ si te ɖe Baal Berit, ƒe subɔƒe la me.
示劍樓的人聽見了,就躲入巴力‧比利土廟的衛所。
47 Esi Abimelek se be ameawo si yi mɔ la me la,
有人告訴亞比米勒說:「示劍樓的人都聚在一處。」
48 Abimelek yi Zalmɔn to dzi. Efɔ nake lé ɖe abɔta eye wòɖe gbe na eƒe ameawo bena woawɔ nu si tututu yewɔ.
亞比米勒和跟隨他的人就都上撒們山。亞比米勒手拿斧子,砍下一根樹枝,扛在肩上,對跟隨他的人說:「你們看我所行的,也當趕緊照樣行。」
49 Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ nake yi dua me. Abimelek tsɔ eƒe nake tu mɔ la ƒe gli ŋu eya ta ameawo hã wɔ nenema ke. Woli kɔ woƒe nakewo ɖe glia ŋu eye wode dzo nakekɔ la me. Ale ame abe akpe ɖeka ene, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo nɔ mɔ la me la katã ku.
眾人就各砍一枝,跟隨亞比米勒,把樹枝堆在衛所的四圍,放火燒了衛所,以致示劍樓的人都死了,男女約有一千。
50 Abimelek ho aʋa ɖe Tebez du la ŋu azɔ eye wòxɔe.
亞比米勒到提備斯,向提備斯安營,就攻取了那城。
51 Mɔ sesẽ aɖe nɔ dua me eya ta dua me tɔwo katã si yi eme. Wotu agbo la heyi mɔ la tame ke henɔ ŋku lém ɖe Abimelek kple eƒe amewo ŋu.
城中有一座堅固的樓;城裏的眾人,無論男女,都逃進樓去,關上門,上了樓頂。
52 Esi Abimelek va mɔ la te eye wònɔ dzadzram ɖo be yeatɔ dzoe la,
亞比米勒到了樓前攻打,挨近樓門,要用火焚燒。
53 nyɔnu aɖe ɖe asi le nutukpe gã aɖe ŋu tso mɔ la tame ɖo ɖe anyigba eye kpea ge dze Abimelek dzi eye wogbã ta nɛ.
有一個婦人把一塊上磨石拋在亞比米勒的頭上,打破了他的腦骨。
54 Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku.
他就急忙喊叫拿他兵器的少年人,對他說:「拔出你的刀來,殺了我吧!免得人議論我說,他為一個婦人所殺。」於是少年人把他刺透,他就死了。
55 Esi Israelviwo kpɔ be Abimelek ku la, wokaka yi wo de.
以色列人見亞比米勒死了,便各回自己的地方去了。
56 Ale Mawu he to na Abimelek le nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe fofoa ŋu, to fofoa ƒe vi blaadreawo wuwu me la ta.
這樣,上帝報應亞比米勒向他父親所行的惡,就是殺了弟兄七十個人的惡。
57 Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene.
示劍人的一切惡,上帝也都報應在他們頭上;耶路‧巴力的兒子約坦的咒詛歸到他們身上了。