< Ʋɔnudrɔ̃lawo 8 >

1 Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?”
エフライムの人々はギデオンに向かい「あなたが、ミデアンびとと戦うために行かれたとき、われわれを呼ばれなかったが、どうしてそういうことをされたのですか」と言って激しく彼を責めた。
2 Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa?
ギデオンは彼らに言った、「今わたしのした事は、あなたがたのした事と比べものになりましょうか。エフライムの拾い集めた取り残りのぶどうはアビエゼルの収穫したぶどうにもまさるではありませんか。
3 Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu gã si miawo miewɔ?” Gideon ƒe nya siawo na Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlawo ƒe dzi fa.
神はミデアンの君オレブとゼエブをあなたがたの手にわたされました。わたしのなし得た事は、あなたがたのした事と比べものになりましょうか」。ギデオンがこの言葉を述べると、彼らの憤りは解けた。
4 Gideon tso Yɔdan tɔsisi la azɔ kple eƒe aʋawɔla alafa etɔ̃awo. Ɖeɖi te wo ŋu gake woganɔ futɔwo nyam kokoko.
ギデオンは自分に従っていた三百人と共にヨルダンに行ってこれを渡り、疲れながらもなお追撃したが、
5 Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo.
彼はスコテの人々に言った、「どうぞわたしに従っている民にパンを与えてください。彼らが疲れているのに、わたしはミデアンの王ゼバとザルムンナを追撃しているのですから」。
6 Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.”
スコテのつかさたちは言った、「ゼバとザルムンナは、すでにあなたの手のうちにあるのですか。われわれはどうしてあなたの軍勢にパンを与えねばならないのですか」。
7 Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.”
ギデオンは言った、「それならば主がわたしの手にゼバとザルムンナをわたされるとき、わたしは野のいばらと、おどろをもって、あなたがたの肉を打つであろう」。
8 Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene.
そしてギデオンはそこからペヌエルに上り、同じことをペヌエルの人々に述べると、彼らもスコテの人々が答えたように答えたので、
9 Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.”
ペヌエルの人々に言った、「わたしが安らかに帰ってきたとき、このやぐらを打ちこわすであろう」。
10 Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve xoxo.
さてゼバとザルムンナは軍勢おおよそ一万五千人を率いて、カルコルにいた。これは皆、東方の民の全軍のうち生き残ったもので、戦死した者は、つるぎを帯びているものが十二万人あった。
11 Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o.
ギデオンはノバとヨグベハの東の隊商の道を上って、敵軍の油断しているところを撃った。
12 Fia eveawo si gake Gideon kplɔ wo ɖo va se ɖe esime wòlé wo eye wòtsrɔ̃ aʋakɔ blibo la.
ゼバとザルムンナは逃げたが、ギデオンは追撃して、ミデアンのふたりの王ゼバとザルムンナを捕え、その軍勢をことごとく撃ち敗った。
13 Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ.
こうしてヨアシの子ギデオンはヘレスの坂をとおって戦いから帰り、
14 Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye.
スコテの若者ひとりを捕えて、尋ねたところ、彼はスコテのつかさたち及び長老たち七十七人の名をギデオンのために書きしるした。
15 Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”
ギデオンはスコテの人々のところへ行って言った、「あなたがたがかつて『ゼバとザルムンナはすでにあなたの手のうちにあるのか。われわれはどうしてあなたの疲れた人々にパンを与えねばならないのか』と言って、わたしをののしったそのゼバとザルムンナを見なさい」。
16 Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe.
そして彼は、その町の長老たちを捕え、野のいばらと、おどろとを取り、それをもってスコテの人々を懲らし、
17 Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me.
またペヌエルのやぐらを打ちこわして町の人々を殺した。
18 Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”
そしてギデオンはゼバとザルムンナに言った、「あなたがたがタボルで殺したのは、どんな人々であったか」。彼らは答えた、「彼らはあなたに似てみな王子のように見えました」。
19 Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.”
ギデオンは言った、「彼らはわたしの兄弟、わたしの母の子たちだ。主は生きておられる。もしあなたがたが彼らを生かしておいたならば、わたしはあなたがたを殺さないのだが」。
20 Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo.
そして長子エテルに言った、「立って、彼らを殺しなさい」。しかしその若者はなお年が若かったので、恐れてつるぎを抜かなかった。
21 Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo.
そこでゼバとザルムンナは言った、「あなた自身が立って、わたしたちを撃ってください。人によってそれぞれ力も違いますから」。ギデオンは立ちあがってゼバとザルムンナを殺し、彼らのらくだの首に掛けてあった月形の飾りを取った。
22 Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.”
イスラエルの人々はギデオンに言った、「あなたはミデアンの手からわれわれを救われたのですから、あなたも、あなたの子も孫もわれわれを治めてください」。
23 Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.”
ギデオンは彼らに言った、「わたしはあなたがたを治めることはいたしません。またわたしの子もあなたがたを治めてはなりません。主があなたがたを治められます」。
24 Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo.
ギデオンはまた彼らに言った、「わたしはあなたがたに一つの願いがあります。あなたがたのぶんどった耳輪をめいめいわたしにください」。ミデアンびとはイシマエルびとであったゆえに、金の耳輪を持っていたからである。
25 Woɖo eŋu be, “Míana wo kple dzidzɔ.” Ale woɖo avɔ ɖe anyigba eye wo dometɔ ɖe sia ɖe da sikatogɛ si nɔ eƒe afunyinuwo me la ɖe edzi.
彼らは答えた、「わたしどもは喜んでそれをさしあげます」。そして衣をひろげ、めいめいぶんどった耳輪をその中に投げ入れた。
26 Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o.
こうしてギデオンが求めて得た金の耳輪の重さは一千七百金シケルであった。ほかに月形の飾りと耳飾りと、ミデアンの王たちの着た紫の衣およびらくだの首に掛けた首飾りなどもあった。
27 Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la.
ギデオンはそれをもって一つのエポデを作り、それを自分の町オフラに置いた。イスラエルは皆それを慕って姦淫をおこなった。それはギデオンとその家にとって、わなとなった。
28 Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi.
このようにしてミデアンはイスラエルの人々に征服されて、再びその頭をあげることができなかった。そして国はギデオンの世にあるうち、四十年のあいだ太平であった。
29 Yerubaal, Yoas ƒe vi, trɔ yi ɖanɔ wo de.
ヨアシの子エルバアルは行って自分の家に住んだ。
30 Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo.
ギデオンは多くの妻をもっていたので、自分の子供だけで七十人あった。
31 Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek.
シケムにいた彼のめかけがまたひとりの子を産んだので、アビメレクと名づけた。
32 Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.
ヨアシの子ギデオンは高齢に達して死に、アビエゼルびとのオフラにある父ヨアシの墓に葬られた。
33 Esi Gideon ku teti ko la, Israelviwo gadze Baalwo yome. Woli Baal Berit anyi abe woƒe mawu ene eye
ギデオンが死ぬと、イスラエルの人々はまたバアルを慕って、これと姦淫を行い、バアル・ベリテを自分たちの神とした。
34 Israelviwo meɖo ŋku Yehowa, woƒe Mawu, ame si ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe asiwo me dzi o.
すなわちイスラエルの人々は周囲のもろもろの敵の手から自分たちを救われた彼らの神、主を覚えず、
35 Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã.
またエルバアルすなわちギデオンがイスラエルのためにしたもろもろの善行に応じて彼の家族に親切をつくすこともしなかった。

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 8 >