< Ʋɔnudrɔ̃lawo 7 >

1 Gideon, ame si wogayɔna be Yerubaal kple eƒe aʋakɔ fɔ ŋdi kanya heyi keke Harɔd vudo la gbɔ. Midiantɔwo ƒe aʋakɔ ƒo ƒu ɖe Gideon ƒe aʋakɔ ƒe anyiehe lɔƒo le balime si le More to la gbɔ xa.
耶魯巴耳即基德紅和所有跟隨他的民眾一早起身,在哈洛得泉安營;米德楊的營幕就在他們北面,在摩勒山腳的平原裏。
2 Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’
上主對基德紅說:「跟隨你的民眾太多,我不能把米德楊交在他們手中,免得以色列對我自誇說:是自己的能力救了自己。
3 Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve trɔ dzo eye ame akpe ewo siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ.
現在你要向民眾宣告說:凡害怕恐懼的可以回去,急速離開這裏。」於是民眾中有二萬二千回去,只剩下一萬人。
4 Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”
上主又對基德紅說:「民眾還是太多;領他們下到水邊去,我要在那裏為你檢驗他們。凡我告訴你說:這人可同你去,他就與你同去;凡我告訴你說:這人不可同你去,他就不可去。」
5 Gideon kplɔ wo yi tɔ la gbɔ eye Yehowa gblɔ na Gideon be, “Ame siwo akpe nu ɖe tsi me eye woano tsi abe avu ene la, nanɔ hatsotso ɖeka me eye ame siwo adze klo eye woaku tsia kple asi ano la hã nanɔ hatsotso bubu me.”
他就引民眾下到水邊;上主向基德紅說:「凡用舌頭舔水像狗舔水似的,將他們安置在一處;同樣,凡屈膝跪下飲水的,將他們安置在一處。」
6 Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃, ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene.
用手捧到嘴邊舔水的共有三百人;其餘民眾都是屈膝跪下喝水。
7 Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!”
上主對基德紅說:「我要用這三百舔水的人拯救你們,把米德楊交於你手中。讓其餘的民眾各回本地去。」
8 Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo koe tsi anyi. Midiantɔwo ƒo ƒu ɖe balime si le Gideon te.
基德紅便留下民眾的罐子和號角,打發眾以色列人各回自己的帳幕,只留下三百人。米德楊的營幕就在他們下面的平原裏。基德紅巧取米德楊營
9 Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi!
當夜上主對他說:「起來,下去攻營! 我已將敵營交在你的手中了。
10 Ke ne èle vɔvɔ̃m la, ekema wò ɖeka yi futɔwo ƒe asaɖa la me, kplɔ wò subɔla Pura ɖe asi,
如果你一人害怕下去,可帶你的隨從普辣一起下到營幕,
11 eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe.
聽他們說什麼;以後你的手就會堅強,敢下去攻營了。」於是他和他的隨從普辣便下去,來到營中駐軍的前哨。
12 Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ.
那時米德楊、阿瑪肋克和東方的子民都散佈在平原裏,多如蝗蟲;他們的駱駝不可勝數,多如海邊的沙粒。
13 Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!”
基德紅來到時,正有一個人給他的同伴講夢說:「我作了一個夢:有一個大麥麵餅滾入米德楊營內,直滾向帳幕,將帳幕撞倒:翻轉朝上。」
14 Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.”
他的同伴回答說:「這不是別的,這是以色列人約阿士的兒子基德紅的刀劍;天主已把米德楊及其全營交於他手中。」
15 Gideon se drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe. Nu si ko wòte ŋu wɔ lae nye etsi tsitre ɖe afi ma eye wòkafu Mawu! Azɔ etrɔ enumake yi Israelviwo ƒe asaɖa me eye wòdo ɣli be, “Mifɔ kaba elabena Yehowa ana míaɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ gã siawo dzi!”
基德紅一聽見這夢的敘述和解釋,就朝拜天主;然後回到以色列營中說:「起來! 因為上主已將米德楊的營幕交在你們手中了。」
16 Gideon ma ame alafa etɔ̃ la ɖe akpa etɔ̃ me, tsɔ kpẽ kple anyikplu si me akakati le la na ame sia ame.
他於是把三百人分作三隊,把號角和空罐子交在每人手中,把火把放在罐子裏;
17 Ke eɖe eƒe ɖoɖowo me na wo hegblɔ be, “Ne míeva ɖo futɔwo ƒe asaɖaŋudzɔlawo gbɔ la, miwɔ nu si tututu mawɔ.
然後吩咐他們說:「你們看我怎樣行,你們便怎樣行;一到營幕邊上,我怎樣作,你們也要怎樣作。
18 Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’”
當我與跟隨我的人吹號角時,你們也應該在營幕四周吹號角,並且喊叫;為上主,為基德紅! 」
19 Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si.
在三更之初,當哨兵換防的時候,基德紅領著他那一百人來到營幕邊上,吹起號角來,打破手中的罐子。
20 Aʋalɔgo etɔ̃awo me nɔlawo hã ku kpẽawo, gbã woƒe anyikpluwo, lé akakatiawo ɖe mia eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi hena kuku. Wodo ɣli sesĩe be, “Esia nye yi na Yehowa kple Gideon!”
同時三隊一齊吹號角,打破罐子,左手拿著火把,右手拿著號角吹,並喊叫說:「刀劍為上主,為基德紅! 」
21 Esi Gideon ƒe ameawo ɖe to ɖe asaɖa la la, Midiantɔwo katã lé du tsɔ eye wonɔ ɣli dom esime wonɔ dua dzi.
眾人都在營幕四周,各站在自己的地方。那時敵營驚醒,亂喊亂竄。
22 Esi ame alafa etɔ̃awo ku kpẽawo la, Yehowa de zi asaɖa la me be wotsɔ yi ɖe wo nɔewo ŋu. Woƒe asrafowo si yi ɖe Bet Sita ɖo ta Zerera gbɔ va se ɖe keke Abel Mehola si te ɖe Tabat ƒe liƒo dzi ke.
當那三百人吹號角的時候,上主使敵營互相撕殺。以後朝著責勒達逃往貝特史大,直到面對塔巴特的阿貝耳默曷拉。米德楊慘敗
23 Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome.
那時以色列人從納斐塔里、阿協爾和默納協全地集合,追趕米德楊。
24 Gideon dɔ dɔlawo wotsa le Efraim tonyigba la katã dzi nɔ gbɔgblɔm be, “Miɖi va dze Midiantɔwo dzi eye miaxe mɔ na woƒe Yɔdan tɔsisi la tsotso va se ɖe keke Bet Bera ke.” Ale woyɔ Efraim ŋutsuwo katã do goe eye woxe Yɔdan ƒe tɔtsoƒewo katã va se ɖe Bet Bera ke.
基德紅又打發使者到全厄弗辣因山地說:「請下來攻打米德楊人,在他們前佔據約但河的渡口,直到貝特巴辣。」全厄弗辣因人就集合,佔據了約但河的渡口,一直到貝特巴辣。
25 Israelviwo lé Midiantɔwo ƒe aʋafia eveawo, Oreb kple Zeb. Wowu Oreb le agakpe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na eye woyɔnɛ fifia be Oreb la gbɔ eye wowu Zeb le wainfiaƒe si woyɔna fifia be Zeb. Woti Midiantɔwo yome eye wotsɔ Oreb kple Zib ƒe tawo vɛ na Gideon le Yɔdan tɔsisi la godo.
他們捉住了米德楊的兩個領袖,即敖勒布和則厄布,在敖勒布石上把敖勒布殺死,在則厄布醡酒池裏把則厄布殺死;以後繼續追趕米德楊人,並把敖勒布和則厄布的頭送到約但對岸基德紅跟前。

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 7 >