< Ʋɔnudrɔ̃lawo 5 >
1 Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti.
那一天德波辣和阿彼諾罕的兒子巴辣客作歌說:「
2 “Mikafu Yehowa! Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe. Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe! Ɛ̃, mikafu Yehowa!
為了以色列中間有指揮的元帥,為了百姓自願從軍,你們應祝頌上主!
3 “Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, tso Israel ƒe Mawu la ŋu.
諸民,請聽! 諸侯,側耳! 對上主我要歌唱,要讚頌上主以色列的天主!
4 Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir Heto Edom ƒe anyigba dzi la, anyigba dzo nyanyanya, dziƒo nu ʋu eye tsi dza.
上主,當你由色依爾出征時,當你由厄東地前進時,天搖地動,密雲滴雨。
5 Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!
山岳搖搖欲墜,在上主前,在上主以色列的天主前。以色列受壓迫
6 “Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me, asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o. Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ.
阿納特之子沙默加爾年間,在為奴的當時,商隊斂跡,行人轉向彎曲的陌徑。
7 Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo. Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada.
威力在以色列消逝了,消逝了! 直到我德波辣崛起,直到以色列的母親興起。
8 Esime Israel dze mawu bubuwo yome la, futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura le Israelvi akpe blaene dome o!
以色列選舉了新神,戰爭即臨門下。四萬以色列人中,不見一面盾牌,一支長矛。勝利的慶祝
9 Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta, ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa! Mikafu Yehowa!
我的心靈嚮往以色列的首領,嚮往百姓中自願從軍者。請你們祝頌上主!
10 “Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui.
騎白驢的,坐華氈的,和過路行人,你們都要歌唱,
11 Hadzila siwo le kɔƒewo me, ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti. Wodzia ha enuenu tso ale si Yehowa ɖe Israel kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu! Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me!
加入水泉間繚繞的歌聲! 那裏正在歌頌上主的勝利,歌頌他統治以色列的勝利。上主的百姓,速下到城門口!
12 Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha! Oo, Barak, tsi tsitre! Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe!
奮發呀! 奮發,德波辣! 奮發呀! 奮發,請歌唱! 奮勇,起來,巴辣克! 阿彼諾罕的兒子! 擒住你的俘虜! 戰友
13 “Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ; Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ.
英雄的後裔,請出征! 上主的百姓,請隨勇士為我出征!
14 Wotso Efraimnyigba dzi va balimea le Benyamin ƒe viwo megbe. Aʋakplɔlawo va tso Makir aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon
厄弗辣因盤據在山谷中,本雅明隨你加入了行列;領袖由瑪基爾進軍,省執權杖的由則步隆出發。
15 Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak, ɖiɖi ɖe balime la le Mawu ƒe ɖoɖo nu. Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o.
依撒加爾的首領與德波辣和巴辣克相偕;巴辣克在山谷中率領自己的步兵襲敵。勒烏本境內,大有運籌帷幄之士!
16 Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum? Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome: ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia?
為什麼你坐在羊圈內,靜聽牧童的笛聲﹖勒烏本境內,都是猶豫滿懷的人。
17 Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ? Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo?
基肋阿得在約但河東安居;丹人為什麼寄居船上﹖阿協爾在海岸靜坐,在港口悠閒;
18 Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi.
則步隆是好冒死捨命的子民,納斐塔里在高原上奮不顧身。交戰
19 Kanaan fiawo wɔ aʋa le Taanak kple Megido vudowo gbɔ, ke womeɖu futɔwo dzi o.
君王齊來戰鬥,客納罕眾王鏖戰,在默基多水傍─塔納客,未曾掠去一個銀錢。
20 Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera.
星辰由天上參戰,自其軌道與息色辣交鋒。
21 Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo kplɔ wo dzoe. Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!
克雄河的急流將仇敵沖沒。我的心靈,勇敢踐踏罷!
22 Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa! Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa!
勇士急奔飛騰,馬蹄撻撻作響。雅厄耳計殺息色辣
23 Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu wɔ aʋa kple futɔwo o.’
詛咒默洛次,詛咒其中的居民,因他未率領勇士來協助上主!
24 “Woayra Yael, Heber, Kenitɔ la srɔ̃ woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te.
雅厄耳,在女子中是可讚美的! 在居於帳棚的女子中是可讚美的!
25 Sisera bia tsii eye wòna nyinotsii eye wòtsɔ nyinotsi babla ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ.
他求水,她給了奶,以珍貴的杯盤呈上了乳酪。
26 Edo eƒe asi ɖa tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu, edae ɖe Sisera dzi hegbã ta nɛ, eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu
她左手拿著橛子,右手拿著匠人的鎚子,打擊了息色辣,打穿了他的頭顱,擊穿了他的太陽穴。
27 Sisera dze anyi ɖe Yael ƒe afɔ nu etsi afi si wòdze anyi ɖo. Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu, afi si wòmu ɖo la, afi mae wòdze anyi ɖo eye afi mae wòku ɖo.
在她腳前屈身伏倒,深深入睡,昏迷至死;在她腳前屈身伏倒,蜷伏在那裏,僵臥在那裏。
28 “Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm tso fesrenuvɔ la megbe edo ɣli be, ‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’
息色辣的母親自窗口探望,在鐵櫺中長歎:戰車為什麼遲遲不來﹖車輛為什麼緩緩而行﹖
29 Eƒe nyɔnu ɖeka si dze nunya wu wo katã la, ɖo eŋu nɛ, vavã, enɔ gbɔgblɔm na eɖokui ɣe sia ɣi be,
聰明的宮女作了回答,自己心中亦反複思想:
30 ‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’
或者獲得掠物而在分贓,每人分得一二少女;息色辣取得彩衣為掠物,為我的頸項,獲得錦繡彩衣。結論
31 “Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la, na be woanɔ abe ɣe ene ne edze le eƒe ŋusẽ me!” Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.
上主! 願你的敵人如此滅亡,願愛你的人像興起的旭日。」 境內於是平安了四十年。