< Ʋɔnudrɔ̃lawo 3 >

1 Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ.
These are the nations that the LORD left to test all the Israelites who had not known any of the wars in Canaan,
2 Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o.
if only to teach warfare to the subsequent generations of Israel, especially to those who had not known it formerly:
3 Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu.
the five rulers of the Philistines, all the Canaanites, the Sidonians, and the Hivites who lived in the mountains of Lebanon from Mount Baal-hermon to Lebo-hamath.
4 Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã.
These nations were left to test the Israelites, to find out whether they would keep the commandments of the LORD, which He had given their fathers through Moses.
5 Ale Israel nɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo dome.
Thus the Israelites continued to live among the Canaanites, Hittites, Amorites, Perizzites, Hivites, and Jebusites.
6 Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.
And they took the daughters of these people in marriage, gave their own daughters to their sons, and served their gods.
7 Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.
So the Israelites did evil in the sight of the LORD; they forgot the LORD their God and served the Baals and the Asherahs.
8 Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi.
Then the anger of the LORD burned against Israel, and He sold them into the hand of Cushan-rishathaim king of Aram-naharaim, and the Israelites served him eight years.
9 Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me.
But when the Israelites cried out to the LORD, He raised up Othniel son of Caleb’s younger brother Kenaz as a deliverer to save them.
10 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi.
The Spirit of the LORD came upon him, and he became Israel’s judge and went out to war. And the LORD delivered Cushan-rishathaim king of Aram into the hand of Othniel, who prevailed against him.
11 Ale Israelviwo nɔ ŋutifafa me ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime Otniel, Kenaz ƒe vi la ku.
So the land had rest for forty years, until Othniel son of Kenaz died.
12 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te.
Once again the Israelites did evil in the sight of the LORD. So He gave Eglon king of Moab power over Israel, because they had done evil in the sight of the LORD.
13 Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du”
After enlisting the Ammonites and Amalekites to join forces with him, Eglon attacked and defeated Israel, taking possession of the City of Palms.
14 eya ta Israel nɔ Eglon, Moab fia la te ƒe wuienyi sɔŋ.
The Israelites served Eglon king of Moab eighteen years.
15 Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ.
And again they cried out to the LORD, and He raised up Ehud son of Gera, a left-handed Benjamite, as their deliverer. So they sent him with tribute to Eglon king of Moab.
16 Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi.
Now Ehud had made for himself a double-edged sword a cubit long. He strapped it to his right thigh under his cloak
17 Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ.
and brought the tribute to Eglon king of Moab, who was an obese man.
18 Esi Ehud tsɔ nudzɔdzɔ na fia la la, egblɔ na Israelvi siwo tsɔ nuawo la be woatrɔ ayi aƒe.
After Ehud had finished presenting the tribute, he ushered out those who had carried it.
19 Ke Ehud ŋutɔ trɔ le Gilgal ƒe legbawo gbɔ yi ɖagblɔ na fia la be, “O fia, nya ɣaɣla tɔxɛ aɖe le asinye na wò.” Tete fia la gblɔ na eŋumewo katã be, “Mizi ɖoɖoe!” Ale wo katã do go le xɔa me.
But upon reaching the idols near Gilgal, he himself turned back and said, “I have a secret message for you, O king.” “Silence,” said the king, and all his attendants left him.
20 Ehud yi egbɔ le dziƒoxɔ dzi afi si eya ɖeka nɔ anyi ɖo le eƒe dzomeŋɔlifiasã me hegblɔ nɛ be, “Mexɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ na wò” Esi Fia la tsi tsitre tso eƒe zi dzi la,
Then Ehud approached him while he was sitting alone in the coolness of his upper room. “I have a word from God for you,” Ehud said, and the king rose from his seat.
21 Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me.
And Ehud reached with his left hand, pulled the sword from his right thigh, and plunged it into Eglon’s belly.
22 Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi.
Even the handle sank in after the blade, and Eglon’s fat closed in over it, so that Ehud did not withdraw the sword from his belly. And Eglon’s bowels emptied.
23 Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me.
Then Ehud went out through the porch, closing and locking the doors of the upper room behind him.
24 Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe.
After Ehud was gone, Eglon’s servants came in and found the doors of the upper room locked. “He must be relieving himself in the cool room,” they said.
25 Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba.
So they waited until they became worried and saw that he had still not opened the doors of the upper room. Then they took the key and opened the doors—and there was their lord lying dead on the floor.
26 Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu.
Ehud, however, had escaped while the servants waited. He passed by the idols and escaped to Seirah.
27 Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.
On arriving in Seirah, he blew the ram’s horn throughout the hill country of Ephraim. The Israelites came down with him from the hills, and he became their leader.
28 Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!” Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso.
“Follow me,” he told them, “for the LORD has delivered your enemies the Moabites into your hand.” So they followed him down and seized the fords of the Jordan leading to Moab, and did not allow anyone to cross over.
29 Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o.
At that time they struck down about ten thousand Moabites, all robust and valiant men. Not one of them escaped.
30 Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ.
So Moab was subdued under the hand of Israel that day, and the land had rest for eighty years.
31 Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel.
After Ehud came Shamgar son of Anath. And he too saved Israel, striking down six hundred Philistines with an oxgoad.

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 3 >