< Ʋɔnudrɔ̃lawo 21 >
1 Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o.
以色列人曾在米茲帕起誓說:「我們中誰也不可把自己的女兒嫁給本雅明人為妻。」
2 Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ.
民眾來到貝特耳,在天主面前,坐在那裏,放聲大哭,直到晚上;
3 Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?”
然後說:「上主以色列的天主! 為什麼在以色列中間發生了這事,今日竟使以色列中少了一支派﹖」
4 Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi.
次日,百姓一早起來,在那裏築了一座祭壇,獻了全燔祭與和平祭。
5 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko.
以後,以色列子民問說:「以色列眾支派中,有誰沒有上到上主面前,參加集會呢﹖」因為他們先前對於那些凡不上米茲帕到上主面前來的人,曾發過嚴誓說:「死無赦! 」
6 Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome.
以色列子民對他們的弟兄本雅明起了憐憫之心說:「今天以色列絕了一支派。
7 Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?”
我們曾指著上主起過誓,決不將我們的女兒給他們為妻,那麼,我們怎樣給所剩下的人娶妻呢﹖」
8 Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o.
他們又問說:「以色列眾支派中,有那一支派沒有上米茲帕來到上主面前呢﹖」看,由基肋阿得雅貝士中沒有一人入營,參加集會。
9 Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o.
的確,檢閱百姓的時候,沒有一個基肋阿得雅貝士的居民在場。
10 Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead.
因此會眾打發一萬二千勇士到那裏去,吩咐他們說:「你們去用刀屠殺基肋阿得雅貝士的居民,連婦女孩子都在內。
11 Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.”
你們要這樣作;所以男子和與男子同過房的婦女,盡行殺掉,但要保留處女。」他們就這樣作了。
12 Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi.
他們在基肋阿得雅貝士居民中,尋得了四百個未曾認識過男子,也未曾與男子同過房的少年處女,就把她們帶到客納罕地史羅營裏。
13 Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ.
全會眾又打發人往黎孟岩石去,與住在那裏的本雅明子孫談判,與他們講和。
14 Wotsɔ ɖetugbi alafa eneawo na wo woɖe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me. Ke ɖetugbiawo mede ŋutsuawo katã nu o.
本雅明子孫當時就回來了,會眾就把基肋阿得雅貝士女子中所保留的少女,給他們為妻,但是數目不足。史羅搶妻
15 Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome.
民眾仍為本雅明人傷心難過,因為上主使以色列支派中有了缺陷。
16 Israelviwo ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Aleke míawɔ akpɔ srɔ̃ na ŋutsu bubuawo esi Benyamin ƒe to la ƒe nyɔnuwo katã ku?
會中的長老說:「本雅明的婦女既然都消滅了,我們怎樣給所剩下的人娶妻呢﹖」
17 Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o.
又說:「本雅民的遺民該有承嗣,免得以色列中泯沒一支。
18 Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.”
但是,我們不能將自己的女兒給他們為妻,因為以色列曾起誓說:誰把女兒給本雅明人是可詛咒的! 」
19 Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi.
有人說:「看,年年在史羅舉行上主的慶節。」─使羅位於貝特耳之北,貝特耳至舍根大路之東,肋波納之南。
20 Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me
於是他們給本雅明子孫出主意說:「你們往葡萄園去,藏在那裏。
21 eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo!
等到你們看見史羅的童女出來列隊跳舞,你們就從葡萄園中出來,從史羅的女兒中,各搶一個為妻,然後回本雅明地方去。
22 Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’”
她們的父親或兄弟若是出來與我們爭論,我們就說:求你們看我們的情面,恩待這些人,因為他們戰場上沒有得到女子為妻;況且又不是你們將女兒交給他們;若是你們給的,那就有罪了。」
23 Ale Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo la dzi, wolé nyɔnuvi siwo va ŋkekenyui la ɖu ge, eye wokplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ woƒe duwo tu eye wonɔ wo me.
本雅明子孫就這樣作了:按數目搶跳舞的女子,各娶一個為妻;以後他們就走了,回到自己的地業,重建城邑,住在那裏。
24 Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de.
以後以色列子民從那裏各回自己的支派和家族,從那裏各回自己的家鄉。
25 Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu.
那時,在以色列沒有君王,各人任意行事。