< Ʋɔnudrɔ̃lawo 20 >

1 Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.
Then all the people of Israel came out as one man, from Dan to Beersheba, including the land of Gilead also, and they assembled together before Yahweh at Mizpah.
2 Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene, ame siwo lé yiwo ɖe asi.
The leaders of all the people, of all the tribes of Israel, took their places in the assembly of the people of God—400,000 men on foot, who were ready to fight with the sword.
3 Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo.
Now the people of Benjamin heard that the people of Israel had gone up to Mizpah. The people of Israel said, “Tell us how this wicked thing happened.”
4 Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ.
The Levite, the husband of the woman who had been murdered, answered, “I came to Gibeah in the territory that belongs to Benjamin, I and my concubine, to spend the night.
5 Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku.
During the night, the leaders of Gibeah attacked me, surrounding the house, intending to kill me. They raped my concubine, and she died.
6 Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe.
I took my concubine and cut her body into pieces, and sent them into each region of Israel's inheritance, because they have committed such wickedness and outrage in Israel.
7 Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!”
Now, all you Israelites, give your advice and counsel here.”
8 Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo.
All the people arose together as one man, and they said, “None of us will go to his tent, and none of us will return to his house!
9 Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu.
But now this is what we must do to Gibeah: We will attack it as the lot directs us.
10 Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.”
We will take ten men of a hundred throughout all the tribes of Israel, and one hundred of a thousand, and one thousand of ten thousand, to get provisions for these people, so that when they come to Gibeah in Benjamin, they may punish them for the wickedness they committed in Israel.”
11 Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me.
So all the soldiers of Israel assembled against the city, as one man.
12 Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua?
The tribes of Israel sent men through all the tribe of Benjamin, saying, “What is this wickedness that was done among you?
13 Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o,
Therefore, give us those wicked men of Gibeah, so we may put them to death, and so we will completely remove this evil from Israel.” But the Benjamites would not listen to the voice of their brothers, the people of Israel.
14 Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo.
Then the people of Benjamin came together out of the cities to Gibeah to get ready to fight against the people of Israel.
15 Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu.
The people of Benjamin brought together from their cities to fight on that day twenty-six thousand soldiers who were trained to fight with the sword. In addition, there were seven hundred of their chosen men from the inhabitants of Gibeah.
16 Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o.
Among all these soldiers were seven hundred chosen men who were left-handed. Each of them could sling a stone at a hair and not miss.
17 Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene.
The people of Israel, not counting the number from Benjamin, numbered 400,000 men, who were trained to fight with the sword. All of these were men of war.
18 Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.”
The people of Israel arose, went up to Bethel, and asked for advice from God. They asked, “Who first will attack the people of Benjamin for us?” Yahweh said, “Judah will attack first.”
19 Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu.
The people of Israel got up in the morning and they moved their camp near Gibeah.
20 Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea.
The people of Israel went out to fight against Benjamin. They set up their battle positions against them at Gibeah.
21 Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve le aʋagbedzi gbe ma gbe.
The people of Benjamin came out of Gibeah, and they killed twenty-two thousand men of the army of Israel on that day.
22 Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi.
But the people of Israel strengthened themselves and they formed the battle line in the same place where they had taken positions on the first day.
23 Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.” Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã.
Then the people of Israel went up and they wept before Yahweh until evening, and they sought direction from Yahweh. They said, “Should we go again to fight against our brothers, the people of Benjamin?” Yahweh said, “Attack them!”
24 Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia.
So the people of Israel went against the soldiers of Benjamin the second day.
25 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome.
On the second day, Benjamin went out against them from Gibeah and they killed eighteen thousand men from the people of Israel. All were men who trained to fight with the sword.
26 Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.
Then all the soldiers of Israel and all the people went up to Bethel and wept, and there they sat before Yahweh and they fasted that day until the evening and offered burnt offerings and peace offerings before Yahweh.
27 Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma
The people of Israel asked Yahweh—for the ark of the covenant of God was there in those days,
28 eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”
and Phinehas, son of Eleazar son of Aaron, was serving before the ark in those days—”Should we go out to battle once more against the people of Benjamin, our brothers, or stop?” Yahweh said, “Attack, for tomorrow I will help you defeat them.”
29 Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea
So Israel set men in secret places around Gibeah.
30 eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene.
The people of Israel fought against the people of Benjamin for the third day, and they formed their battle lines against Gibeah as they had done before.
31 Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃.
The people of Benjamin went and fought against the people, and they were drawn away from the city. They began to kill some of the people. There were about thirty men of Israel who died in the fields and on the roads. One of the roads went up to Bethel, and the other went to Gibeah.
32 Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ.
Then the people of Benjamin said, “They are defeated and they are running away from us, just as at first.” But the soldiers of Israel said, “Let us run back and draw them away from the city to the roads.”
33 Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo
All the people of Israel rose up out of their places and formed themselves into lines for battle at Baal Tamar. Then the soldiers of Israel who had been hiding in secret places ran out from their places from Maareh Gibeah.
34 eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o.
There came out against Gibeah ten thousand chosen men out of all Israel, and the fighting was fierce, but the Benjamites did not know that disaster was close to them.
35 Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Yahweh defeated Benjamin before Israel. On that day, the soldiers of Israel killed 25,100 men of Benjamin. All these who died were those who had been trained to fight with the sword.
36 Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu.
So the soldiers of Benjamin saw they were defeated. The men of Israel had given ground to Benjamin, because they were counting on the men they had placed in hidden positions outside Gibeah.
37 Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame.
Then the men who were hiding got up and hurried and they rushed into Gibeah, and they struck all the city with the edge of the sword.
38 Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la
The arranged signal between the soldiers of Israel and the men hiding in secret would be that a great cloud of smoke would rise up out of the city.
39 ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.”
When the signal was sent the soldiers of Israel would turn from the battle. Now Benjamin began to attack and they killed about thirty men of Israel, and they said, “It is sure that they are defeated before us, as in the first battle.”
40 Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim.
But when a pillar of smoke began to rise up out of the city, the Benjamites turned and saw the smoke rising to the sky from the whole city.
41 Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ.
Then the people of Israel turned against them. The men of Benjamin were terrified, for they saw that disaster had come on them.
42 Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe.
So they ran away from the people of Israel, escaping on the way to the wilderness. But the fighting overtook them. The soldiers of Israel came out of the cities and killed them where they stood.
43 Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma.
They surrounded the Benjamites, chased them and trampled them down at Nohah, all the way to the east side of Gibeah.
44 Ame akpe wuienyie ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe.
From the tribe of Benjamin, eighteen thousand people died, all of them men who were distinguished in battle.
45 Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ.
They turned and fled toward the wilderness to the rock of Rimmon. The Israelites killed five thousand more of them along the roads. They kept going after them, following them closely all the way to Gidom, and there they killed two thousand more.
46 Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa.
All the soldiers of Benjamin who fell that day were twenty-five thousand—men who were trained to fight with the sword; all of them were distinguished in battle.
47 Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene.
But six hundred men turned and fled to the wilderness, toward the rock of Rimmon. For four months they stayed at the rock of Rimmon.
48 Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.
The soldiers of Israel turned back against the people of Benjamin and struck them with the edge of the sword, the city, including the animals and everything that they found. They also burned down every town in their path.

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 20 >