< Ʋɔnudrɔ̃lawo 2 >
1 Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o,
耶和華的使者從吉甲上到波金,對以色列人說:「我使你們從埃及上來,領你們到我向你們列祖起誓應許之地。我又說:『我永不廢棄與你們所立的約。
2 ne miawɔ ɖeka kple ame siwo le anyigba sia dzi o. Megagblɔ na mi be, miagbã woƒe vɔsamlekpuiwo, ke nu ka ta mieɖo tom o?
你們也不可與這地的居民立約,要拆毀他們的祭壇。你們竟沒有聽從我的話!為何這樣行呢?』
3 Esi miegbe míaƒe nubabla la dzi wɔwɔ ta la, nubabla la megabla nye hã o eya ta nyemagado ŋugbe be matsrɔ̃ dukɔ siwo le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ woanye ŋu anɔ axadame na mi eye woƒe mawuwo anye tetekpɔ na mi ɣe sia ɣi.”
因此我又說:『我必不將他們從你們面前趕出;他們必作你們肋下的荊棘。他們的神必作你們的網羅。』」
4 Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo.
耶和華的使者向以色列眾人說這話的時候,百姓就放聲而哭;
5 Ale wona ŋkɔ teƒe ma be Bokim si gɔmee nye “Avifaƒe” eye wosa vɔ na Yehowa.
於是給那地方起名叫波金。眾人在那裏向耶和華獻祭。
6 Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, ame sia ame yi ɖe eƒe domenyinu si nye anyigba si wòxɔ la dzi.
從前約書亞打發以色列百姓去的時候,他們各歸自己的地業,佔據地土。
7 Ameawo subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi siwo nɔ agbe wòdidi wu Yosua la ƒe agbemeŋkekewo me eye wokpɔ nu dzɔatsu siwo katã Yehowa wɔ na Israel.
約書亞在世和約書亞死後,那些見耶和華為以色列人所行大事的長老還在的時候,百姓都事奉耶和華。
8 Yosua, Nun ƒe vi, Yehowa ƒe dɔla ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo,
耶和華的僕人、嫩的兒子約書亞,正一百一十歲就死了。
9 eye woɖii ɖe anyigba si ƒe dome wònyi le Timnat Heres le Efraim ƒe tonyigba dzi le Gaas to la ƒe anyiehe.
以色列人將他葬在他地業的境內,就是在以法蓮山地的亭拿‧希烈,在迦實山的北邊。
10 Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o.
那世代的人也都歸了自己的列祖。後來有別的世代興起,不知道耶和華,也不知道耶和華為以色列人所行的事。
11 Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo.
以色列人行耶和華眼中看為惡的事,去事奉諸巴力,
12 Woɖe asi le Yehowa, ame si nye wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo. Wodo dɔmedzoe na Mawu elabena
離棄了領他們出埃及地的耶和華-他們列祖的上帝,去叩拜別神,就是四圍列國的神,惹耶和華發怒;
13 wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo.
並離棄耶和華,去事奉巴力和亞斯她錄。
14 Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o.
耶和華的怒氣向以色列人發作,就把他們交在搶奪他們的人手中,又將他們付與四圍仇敵的手中,甚至他們在仇敵面前再不能站立得住。
15 Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me.
他們無論往何處去,耶和華都以災禍攻擊他們,正如耶和華所說的話,又如耶和華向他們所起的誓;他們便極其困苦。
16 Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖe wo tso adzoha siawo ƒe asi me.
耶和華興起士師,士師就拯救他們脫離搶奪他們人的手。
17 Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo.
他們卻不聽從士師,竟隨從叩拜別神,行了邪淫,速速地偏離他們列祖所行的道,不如他們列祖順從耶和華的命令。
18 Ne Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la aɖe na wo la, enɔa anyi kple Ʋɔnudrɔ̃la ma, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo ƒe asi me zi ale si Ʋɔnudrɔ̃la ma le agbe elabena Yehowa kpɔa nublanui na wo ne wole ŋeŋem le ame siwo le wo tem ɖe anyi, le funyafunya wɔm wo la ƒe kɔkuti te.
耶和華為他們興起士師,就與那士師同在。士師在世的一切日子,耶和華拯救他們脫離仇敵的手。他們因受欺壓擾害,就哀聲歎氣,所以耶和華後悔了。
19 Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o.
及至士師死後,他們就轉去行惡,比他們列祖更甚,去事奉叩拜別神,總不斷絕頑梗的惡行。
20 Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la,
於是耶和華的怒氣向以色列人發作。他說:「因這民違背我吩咐他們列祖所守的約,不聽從我的話,
21 nyemaganya dukɔ siwo Yosua metsrɔ̃ hafi ku o la le wo ŋgɔ o;
所以約書亞死的時候所剩下的各族,我必不再從他們面前趕出,
22 ke boŋ mawɔ dukɔ siawo ŋu dɔ, ado nye dukɔ, Israel kpɔ, ale be manya ne woaɖo to Yehowa azɔ le eƒe mɔ dzi abe wo fofowo ene loo alo womaɖo toe o.”
為要藉此試驗以色列人,看他們肯照他們列祖謹守遵行我的道不肯。」
23 Ale Yehowa gblẽ dukɔ siawo ɖe anyigba la dzi; menya wo ɖa zi ɖeka to wo tsɔtsɔ de asi na Yosua me o.
這樣耶和華留下各族,不將他們速速趕出,也沒有交付約書亞的手。