< Ʋɔnudrɔ̃lawo 19 >
1 Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o. Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda.
其頃イスラエルに王なかりし時にあたりてエフライムの山の奧に一人のレビ人寄寓をりベテレヘムユダより一人の婦人をとりて妾となしたるに
2 Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene.
その妾彼に背きて姦淫を爲し去てベテレヘムユダなるその父の家にかへり其所に四月といふ日をおくれり
3 Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie
是に於てその夫彼をなだめて携かへらんとてその僕と二頭の驢馬をしたがへ起てかれの後をしたひゆきければその父の家に之を導きいたりしに女の父これを見て之に遇ことを悦こべり
4 eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃.
而してその女の父なる外舅彼をひきとめたれば則ち三日これと共に居り皆食飮して其所に宿りしが
5 Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã.
四日におよびて朝早く起あがり彼たちて去んとしければ女の父その婿に言ふ少許の食物をもて汝の心を強くして然る後に去れよと
6 Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.”
二人すなはち坐りて共に食飮しけるが女の父その人にいひけるは請ふ幸に今一夜を明し汝の心を樂ましめよと
7 Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃.
其人起て去んとしけるに外舅これを強たれば遂に復其所に宿り
8 Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee.
五日におよびて朝はやく起いでて去んとしたるに女の父これに言けるは請ふ汝の心を強くせよと是をもて日の昃るまでとどまりて共に食をなしけるが
9 Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”
其人つひに妾および僕とともに去んとて起あがりければ女の父彼に言ふ視よ今は日暮なんとす請ふ今一夜を明されよ視よ日昃たり汝此にやどりて汝の心をたのしませ明日蚤く起て出たち汝の家にいたれよと
10 Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la.
然るに其人止宿ることを肯はずして起て去りヱブスの對面に至れり是はエルサレムなり鞍おける二の驢馬彼とともにあり妾も彼とともなりき
11 Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.”
彼らヱブスの近傍にをる時日はや沒んとしければ僕その主人にいひけるは請ふ來れ我等身をめぐらしてヱブス人の此邑にいりて其所に宿らんと
12 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.”
その主人これに言けるは我等は彼所に身をめぐらしてイスラエルの子孫の邑ならざる外國の人の邑にいるべからずギベアに進みゆかんと
13 Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.”
すなはちその僕にいひけるは來れ我らギベアかラマか是等の處の一に就て止宿んと
14 Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me.
皆すすみ往きけるがベニヤミンのギベアの近邊にて日暮たれば
15 Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme.
ギベアにゆきて宿らんとて其所に身をめぐらし入て邑の衢に坐しけるに誰も彼を家に接て宿らしむる者なかりき
16 Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã.
時に一人の老人日暮に田野の働作をやめて歸りきたる此人はエフライム山の者にしてギベアに寄寓れるなり但し此處の人はベニヤミン人なり
17 Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.
彼目をあげて旅人の邑の衢にをるを見たり老人すなはちいひけるは汝は何所にゆくなるや何所より來れるやと
18 Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o,
その人これにいひけるは我らはベテレヘムユダよりエフライム山の奧におもむく者なり我は彼所の者にて既にベテレヘムユダにゆき今ヱホバの室に詣らんとするなるが誰もわれを家に接ものあらず
19 togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.”
然ど驢馬の藁も飼蒭もあり又我と汝の婢および僕等とともなる少者の用ふべき食物も酒も在て何も事缺るところなし
20 Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.”
老人いひけるは願くは汝安かれ汝が需むる者は我そなへん唯衢に宿るなかれと
21 Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu.
かれをその家に携れ驢馬に飼ふ彼らすなはち足をあらひて食飮せしが
22 Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.”
その心を樂ませをる時にあたりて邑の人々の邪なる者その家をとりかこみ戸を打たたきて家の主人なる老人に言ふ汝の家にきたれる人をひき出せ我らこれを犯さんと
23 Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o.
是に於て家の主人なる人かれらの所にいでゆきてこれに言けるは否わが兄弟よ惡をなす勿れ此人すでにわが家にいりたればこの愚なる事をなすなかれ
24 Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.”
我が處女なる女と此人の妾とあるにより我これを今つれいだすべければ汝らかれらを辱しめ汝等の好むところをこれに爲せ唯この人には斯る愚なる事を爲すなかれと
25 Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la,
然るにその人々これを聽いれざるにより其人その妾をとりてこれを彼らの所にいだしやりければすなはちこれを犯して朝にいたるまで終夜これを辱しめ日のいづる頃にいたりて釋てり
26 eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie.
是をもて婦黎明にきたりてその夫のをる彼人の家の門に仆れ夜のあくるまで其處に臥をる
27 Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi.
その主朝におよびておきいで家の戸をひらきて出去んとせしがその妾の婦の家の門にたふれをりて手を閾の上におくを見ければ
28 Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ.
これにむかひ起よ我ら出往んと言たれども何の答もあらざりき是によりてその人これを驢馬にのせたちて己の所におもむきしが
29 Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe.
家にいたるにおよびて刀をとり其妾を執へて骨ぐるみこれを十二分にたちわりて之をイスラエルの四方の境におくりければ
30 Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”
之を見る者皆いふイスラエルの子孫がエジプトの地より出のぼりし日より今日にいたるまで斯のごとき事は行はれしことなく見えしことなし思をめぐらし相議りて言ふことをせよ