< Ʋɔnudrɔ̃lawo 17 >
1 Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika.
以法蓮山地有一個人名叫米迦。
2 Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.”
他對母親說:「你那一千一百舍客勒銀子被人拿去,你因此咒詛,並且告訴了我。看哪,這銀子在我這裏,是我拿去了。」他母親說:「我兒啊,願耶和華賜福與你!」
3 Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu atsɔ na Aƒetɔ la ɖe tawò. Mana woawɔ aklamakpakpɛ aɖe na wò eye woafa klosalo ɖe eŋu.”
米迦就把這一千一百舍客勒銀子還他母親。他母親說:「我分出這銀子來為你獻給耶和華,好雕刻一個像,鑄成一個像。現在我還是交給你。」
4 Dadaa tsɔ klosalo alafa eve na klosaloɖaŋuwɔla aɖe wòwɔ aklamakpakpɛ aɖe da ɖe Mika ƒe aƒe me.
米迦將銀子還他母親,他母親將二百舍客勒銀子交給銀匠,雕刻一個像,鑄成一個像,安置在米迦的屋內。
5 Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae.
這米迦有了神堂,又製造以弗得和家中的神像,分派他一個兒子作祭司。
6 Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o eya ta ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu.
那時以色列中沒有王,各人任意而行。
7 Ɖekakpui aɖe si nye Levitɔ la nɔ Betlehem le Yuda,
猶大的伯利恆有一個少年人,是猶大族的利未人,他在那裏寄居。
8 edzo le Betlehem be yeadi teƒe bubu aɖe anɔ. Le eƒe mɔzɔzɔ me la, eva ɖo Mika ƒe aƒe me le Efraim ƒe tonyigba dzi.
這人離開猶大的伯利恆城,要找一個可住的地方。行路的時候,到了以法蓮山地,走到米迦的家。
9 Mika biae be, “Afi ka nètso?” Amedzro la ɖo eŋu be, “Levitɔe menye metso Betlehem le Yuda, mele teƒe nyui aɖe dim manɔ.”
米迦問他說:「你從哪裏來?」他回答說:「從猶大的伯利恆來。我是利未人,要找一個可住的地方。」
10 Mika gblɔ nɛ be, “Nɔ gbɔnye eye nànye fofo kple nunɔla nam. Mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe wò nudodo, nuɖuɖu kple dɔƒe ŋu.” Levitɔ la lɔ̃ eye wòtsi anyi.
米迦說:「你可以住在我這裏,我以你為父、為祭司。我每年給你十舍客勒銀子,一套衣服和度日的食物。」利未人就進了他的家。
11 Enɔ na Mika abe via ŋutsuwo dometɔ ɖeka ene.
利未人情願與那人同住;那人看這少年人如自己的兒子一樣。
12 Mika kɔ ɖekakpui la ŋu eye wòzu nunɔla nɛ.
米迦分派這少年的利未人作祭司,他就住在米迦的家裏。
13 Mika gblɔ be, “Menyae be Yehowa ayram azɔ elabena Levitɔ aɖee nye nunɔla le nye aƒe me.”
米迦說:「現在我知道耶和華必賜福與我,因我有一個利未人作祭司。」