< Ʋɔnudrɔ̃lawo 15 >

1 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le luxaɣi la, Samson tsɔ gbɔ̃vi aɖe yi be yeatsɔ ana ye srɔ̃ eye yeadɔ kplii gake srɔ̃a fofo meɖe mɔ nɛ o.
過了一些日子,正是收割麥子的時期,三松帶了一隻小山羊去看他的妻子;他說:「我要到內室去親近我的妻子。」但是妻子的父親不讓他進去,
2 Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.”
且說:「我以為你一定厭惡了她,所以我將她嫁給你的一個同伴;她的妹妹不是比她更美麗嗎﹖你可娶而代之。」
3 Nu sia do dɔmedzoe na Samson ŋutɔ eya ta wòblu ɖe wo ta gblɔ be, “Ne nya aɖe dzɔ ɖe mia dzi fifia la, migabu fɔm o!”
三松對他們說:「我若加害培肋舍特人,這一次我可不負責任。」
4 Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu.
於是三松去捉了三百隻狐狸,又拿火把來,把狐狸的尾和尾結在一起,將火把插在兩尾中間,
5 Esi dzo tɔ akakati ɖe sia ɖe eye wòna abeiawo ƒu du yi Filistitɔwo ƒe agblewo me eye wotɔ dzo lu siwo womexa haɖe o kple wainkawo kpakple amitiwo.
點著火把,將狐狸放入培肋舍特人的莊田內,把堆集的麥捆,立著的莊稼,葡萄園和橄欖園都燒了。
6 Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.” Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe.
培肋舍特人問說:「是誰作了這事﹖」有人說:「是提默納人的女婿三松,因為他的岳父把他的妻子嫁給了他的一個同伴。」培肋舍特人就上去,放火燒了那女子和她的父家。
7 Samson ka atam be, “Magabia hlɔ̃ kokoko hafi adzudzɔ.”
三松向他們說:「你們既然這樣作,我必向你們報復,然後纔罷休。」
8 Eya ta Samson dza ali kple ata na wo hewu ame geɖewo eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le Etam.
三松遂打擊他們,腿腰亂砍,大殺一陣;然後下去住在厄坦的一個石穴內。以驢骨擊殺千人
9 Filistitɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda eye wokaka ɖe Lehi.
培肋舍特人上去,在猶大紮營,進襲肋希。
10 Yudatɔwo bia wo be, “Nu ka dim miele le afi sia?” Filistitɔwo ɖo eŋu be, “Míeva be míalé Samson eye míawɔe abe ale si wòwɔ mí ene.”
猶大問說:「你們為什麼上來攻打我們﹖」他們答說:「我們上來是為拘捕三松,要報復他對我們所行的。」
11 Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.”
於是有三千猶大人到厄坦石穴那裏,對三松說:「難道你不知道培肋舍特人統治我們嗎﹖你為什麼作連累我們的事﹖」他回答說:「他們怎樣待我,我也怎樣待他們。」
12 Wogblɔ nɛ be, “Míeva be míalé wò eye míatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo.” Samson gblɔ be, “Mika atam nam be miawo miawum o.”
他們就向他說:「我們下來是為拘捕你,把你交在培肋舍特人手中。」三松向他們說:「你們要對我發誓,不殺害我! 」
13 Woɖo eŋu be, “Míelɔ̃. Ɖe ko míabla wò, atsɔ wò ade asi na wo. Míawu wò o.” Ale woblae kple atagbika yeye eve eye wokplɔe dzoe tso agakpe la dzi.
他們回答說:「一定不;我們只把你綁好,交在他們手中,決不殺你。」他們於是兩條新繩把他捆起,從石穴裏把他拉上來。
14 Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ!
他來到肋希,培肋舍特人吶喊著出來迎他;那時上主的神突然降在他身上,他手臂上的繩索,好像著火的細麻一樣,綁他的繩子從他的手上落下。
15 Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.
他找到一塊鮮驢腮骨,伸手拿起來,擊殺了一千人。
16 Emegbe la Samson gblɔ be, “Tedzi glãe metsɔ wu ame akpe ɖekae!”
然後三松喊說:「用驢腮骨殺的一堆一堆,用驢腮骨殺了一千。」
17 Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.”
當他說完這話,就順手把腮骨拋棄了;因此那地名叫辣瑪肋希。
18 Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?”
此後,他非常口渴,呼籲上主說:「你藉你僕人的手得了這次大勝利;如今我卻要渴死,陷於這些沒有割損的人手中。」
19 Ale Mawu na tsi do tso agakpe aɖe me eye esi Samson noe la, agbe gaɖo eme. Ena ŋkɔ teƒea be “En Hakore” si gɔmee nye, “Gbedoɖala Ƒe Vudo.” Eye teƒe sia gali va se ɖe egbe.
上主遂在肋希使一窪地裂開,湧出水來;他喝了水,精神恢復,無異再生;因此那泉稱作「呼籲泉,」至今還在肋希。
20 Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko.
他在培肋舍特人統治以色列的時日內,作以色列民長二十年。

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 15 >