< Ʋɔnudrɔ̃lawo 14 >

1 Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe.
那時三松下到提默納;在那裏見了一個女子,她是培肋舍特人的女兒。
2 Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee.
三松上去稟告他的父母說:「我在提默納見了一個女子,她是培肋舍特人的女兒,願你們現今把她給我娶來為妻! 」
3 Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?” Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.”
他的父母對他說:「難道在你兄弟的女兒中,在我們民族間沒有女子嗎﹖為什麼你要去從那些未受割損的培肋舍特人中間娶妻呢﹖」三松向他的父親說:「請給我娶了她! 因為我實在喜歡她。」
4 Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o.
他的父母原不知道這事是出於上主,使他找機會攻擊培肋舍特,因為那時培肋舍特正統治以色列。
5 Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo.
三松往提默納去,來到提默納的葡萄園時,看,有一隻小獅子向他咆哮;
6 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o.
上主的神突然降在他身上,他當時雖赤手空拳,竟將那獅子撕裂,好像撕裂小山羊;他沒有把所作的這事告訴他的父母。
7 Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo.
此後他下去向那女子談情,三松很喜愛她。
8 Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme.
過了不久,回去娶她,繞路去看那隻死獅子。看,在獅子屍體內有一窩蜜蜂作了蜜。
9 Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o.
他取了些蜜放在手中,繼續前行,一面走一面吃;來到他父母那裏,也給他們一些,他們也吃了,但他沒有告訴他們這蜜是從獅子屍體內取來的。
10 Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene.
三松又來到那女子那裏,有人為他設了婚筵,因為青年人們慣常這樣做。
11 Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu.
但有人害怕他,便請來三十個同伴陪伴他。
12 Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi.
三松對他們說:「讓我給你們說個謎語,如果你們能在這七天婚筵期內,給我猜出來,我就給你們三十件襯衫和三十套禮服。
13 Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.”
若是你們不能給我解說,你們就得給我三十件襯衫和三十套禮服。」他們對他說:「請你把謎語講給我們聽。」
14 Adzo si wòto lae nye, “Nuɖuɖu do tso nuɖula me eye nu vivi do tso nu sesẽ me!” Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o.
他向他們說:「食者生出食品,強者生出甘甜。」他們三天之久不能解這謎語。
15 Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”
到了第四天,他們對三松的妻子說:「請引誘你的丈夫,把謎語說給你,以免我們放火燒你和你的父家。難道你請了我們來,是為了奪取我們的東西嗎﹖」
16 Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?”
三松的妻子就在他眼前哭哭啼啼說:「你是恨我,而不是愛我! 你給我的同胞說謎語,都不解給我聽。」三松對她說:「你看,我都沒有告訴我的父母,怎能告訴你﹖」
17 Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo.
那七天婚筵期內,她常在他跟前哭哭啼啼;到了第七天,由於她不斷的催逼,三松便將謎底告訴了她;她就把謎底告訴自己的同胞。
18 Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be, “Nu kae vivina wu anyitsi eye nu kae sesẽ wu dzata?” Samson gblɔ na wo be, “Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la, anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”
到了第七天,在他進洞房之前,本城的人給他說:「有什麼比蜜還甜﹖有什麼比獅子還強﹖」他向他們說:「你們若不是用我的小母牛耕田,你們決不會猜出我的謎底。」
19 Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me.
上主的神又突然降在他身上,他就下到阿市刻隆,擊殺了三十個人,拿了所劫奪的東西,把三十套禮服送給猜中謎語的人;以後憤怒的回到父親家裏。
20 Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a.
三松的妻子以後卻跟了作他伴郎的一個同伴。

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 14 >