< Ʋɔnudrɔ̃lawo 12 >

1 Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”
エフライムの人々は集まってザポンに行き、エフタに言った、「なぜあなたは進んで行ってアンモンの人々と戦いながら、われわれを招いて一緒に行かせませんでしたか。われわれはあなたの家に火をつけてあなたを一緒に焼いてしまいます」。
2 Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o.
エフタは彼らに言った、「かつてわたしとわたしの民がアンモンの人々と大いに争ったとき、あなたがたを呼んだが、あなたがたはわたしを彼らの手から救ってくれませんでした。
3 Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?”
あなたがたが救ってくれないのを見たから、わたしは命がけでアンモンの人々のところへ攻めて行きますと、主は彼らをわたしの手にわたされたのです。どうしてあなたがたは、きょう、わたしのところに上ってきて、わたしと戦おうとするのですか」。
4 Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.”
そこでエフタはギレアデの人々をことごとく集めてエフライムと戦い、ギレアデの人々はエフライムを撃ち破った。これはエフライムが「ギレアデびとよ、あなたがたはエフライムとマナセのうちにいるエフライムの落人だ」と言ったからである。
5 Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la,
そしてギレアデびとはエフライムに渡るヨルダンの渡し場を押えたので、エフライムの落人が「渡らせてください」と言うとき、ギレアデの人々は「あなたはエフライムびとですか」と問い、その人がもし「そうではありません」と言うならば、
6 wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.
またその人に「では『シボレテ』と言ってごらんなさい」と言い、その人がそれを正しく発音することができないで「セボレテ」と言うときは、その人を捕えて、ヨルダンの渡し場で殺した。その時エフライムびとの倒れたものは四万二千人であった。
7 Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me.
エフタは六年の間イスラエルをさばいた。ギレアデびとエフタはついに死んで、ギレアデの自分の町に葬られた。
8 Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel.
彼の後にベツレヘムのイブザンがイスラエルをさばいた。
9 Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre
彼に三十人のむすこがあった。また三十人の娘があったが、それを自分の氏族以外の者にとつがせ、むすこたちのためには三十人の娘をほかからめとった。彼は七年の間イスラエルをさばいた。
10 eye esi Ibzan la, woɖii ɖe Betlehem.
イブザンはついに死んで、ベツレヘムに葬られた。
11 Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo.
彼の後にゼブルンびとエロンがイスラエルをさばいた。彼は十年の間イスラエルをさばいた。
12 Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi.
ゼブルンびとエロンはついに死んで、ゼブルンの地のアヤロンに葬られた。
13 Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn.
彼の後にピラトンびとヒレルの子アブドンがイスラエルをさばいた。
14 Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi.
彼に四十人のむすこ及び三十人の孫があり、七十頭のろばに乗った。彼は八年の間イスラエルをさばいた。
15 Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi.
ピラトンびとヒレルの子アブドンはついに死んで、エフライムの地のアマレクびとの山地にあるピラトンに葬られた。

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 12 >