< Ʋɔnudrɔ̃lawo 11 >
1 Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead.
基肋阿得人依弗大是一個英勇的壯士,是妓女的兒子;父親名基肋阿得。
2 Vi bubuwo nɔ Gilead si siwo srɔ̃a ŋutɔ dzi nɛ. Esi Gilead ƒe vi bubu siawo tsi la, wonya Yefta le anyigba la dzi, gblɔ nɛ be, “Nyɔnu bubu ƒe vi nènye! Màkpɔ domenyinu aɖeke tso mía fofo gbɔ o.”
基肋阿得的妻子也給他生了幾個兒子,正妻的兒子長大之後,把基肋阿得逐出,他說:「你在我們父家不能承受產業,因為你是外婦的兒子。」
3 Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me yi Tobnyigba dzi. Eƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu eye wokplɔnɛ ɖo ɣe sia ɣi.
依弗大就從他兄弟面前逃走,定居於托布地方;有些流氓聚集在他那裏,同他來往。
4 Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu.
過了一些時候,阿孟子民與以色列交戰。
5 Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta
當阿孟子民同以色列交戰的時候,基肋阿得的長老到托布地方去請依弗大回來。
6 kple kukuɖeɖe be wòava kplɔ yewoƒe aʋakɔ la le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me.
他們同依弗大說:「請你來作我們的統帥,攻打阿孟子民。」
7 Yefta bia wo be, “Nu ka ta mieva yɔm le esime mielé fum eye mienyam le fofonye ƒe aƒe me? Nu ka tae mieɖo du ɖem azɔ esi miele xaxa me?”
依弗大回答基肋阿得的長老說:「你們不是恨我,將我逐出我的父家﹖現在你們遭難,為什麼來找我﹖」
8 Woɖo eŋu be, “Míeɖo du ɖe wò elabena míehiã wò kpekpeɖeŋu. Ne ànye míaƒe aʋafia le míaƒe aʋawɔwɔ me kple Amonitɔwo la, ekema miatsɔ wò aɖo fiae le Gilead.”
基肋阿得的長老對依弗大說:「我們現在來找你正是為此。請你和我們一同回去,攻打阿孟子民,作我們,作基肋阿得所有居民的首領。」
9 Yefta do ɣli be, “Nyateƒea? Ɖe miebu be maxɔ nya sia sea?”
依弗大對基肋阿得的長老說:「你們領我回去,同阿孟子民作戰,如果上主將他們交給我,那麼我就作你們的首領! 」
10 Woɖo eŋu be, “Míedo ŋugbe na wò eye míeka atam ɖe ŋugbedodo dzi.”
基肋阿得的長老對依弗大說:「上主在我們中間作證:我們必照你的話實行。」
11 Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.
依弗大就與基肋阿得的長老一同回去,百姓立他做他們的首領和統帥;依弗大在米茲帕,在上主面前,又把他這一切話陳述了一遍。依弗大與阿孟交涉
12 Yefta ɖo du ɖe Amon fia be yedi be yeanya nu si ta wòle aʋa hom ɖe Israelviwo ŋu.
依弗大就派使者到阿孟子民王那裏說:「你與我何干﹖竟來我這裏攻打我的土地﹖」
13 Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.
阿孟子民的君王對依弗大的使者說:「因為以色列從埃及上來的時候,侵佔了我的領土,從阿爾農河到雅波克河,直到約但河;現在你應和平交還! 」
14 Yefta gaɖo amewo ɖe Amonitɔwo ƒe fia
依弗大再打發使者去見阿孟子民的君王,
15 be, “Nya si Yefta gblɔ lae nye esi, ‘Israel mexɔ Moabtɔwo alo Amonitɔwo ƒe anyigba o. Nyateƒe lae nye be,
對他說:「依弗大這樣說:以色列並沒有侵佔摩阿布的土地和阿孟子民的土地,
16 esi Israelviwo tso Egipte, tso Ƒu Dzĩe la eye wova ɖo Kades la,
因為以色列從埃及上來的時候,是經過曠野,到了紅海,而來到卡德士。
17 woɖo du ɖe Edom fia nɔ mɔ biam be, yewoato eƒe anyigba dzi gake Edom fia meɖe mɔ na wo o. Wobia mɔ ma ke Moab fia hã eye eya hã gbe eya ta Israelviwo nɔ Kades.
以色列曾派使者對厄東王說:請讓我們經過你的領土! 但是厄東王不肯答應;又打發使者到摩阿布王那裏,但是他也不肯;於是以色列便逗留在卡德士。
18 “‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu.
以後他們經過曠野,繞過厄東地和摩阿布地,從摩阿布東面而行,在摩阿農河那邊安營;他們並沒有進入摩阿布的境界,因為阿爾農是摩阿布的邊界。
19 Israel ɖo du ɖe Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon eye wòbia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi afi si yewoyina.
以色列又派使者到阿摩黎王息紅,即赫市朋王那裏;以色列向他說:請讓我們經過你的領土,到我們的地方去。
20 Fia Sixɔn mexɔ Israelviwo dzi se o eya ta wòna eƒe aʋakɔ wɔ aʋa kple Israelviwo le Yaza.
然而息紅不信任以色列,不准他們經過他的境界;並且息紅還召集他所有的人民,在雅哈茲安營,同以色列交戰。
21 Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã.
但是上主以色列的天主將息紅及他全體百姓交於以色列手中,擊殺他們;於是以色列便取得住在那地的阿摩黎人所有的土地,
22 Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe.
取得阿摩黎人,從阿爾農河到雅波克河,從曠野到約但河所有的土地。
23 “‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò?
現今上主以色列的天主,由自己的百姓以色列面前驅逐了阿摩黎人,難道你還要佔據這地嗎﹖
24 Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ!
你豈不是應佔據你的神革摩士賜你佔領的地,而我們應佔領我們的天主上主,由我們前所驅逐之人的地嗎﹖
25 Ke wò ɖe, ame ka gɔ̃e nèbu be yenye? Ɖe nènyo wu Fia Balak, Moab fia? Ɖe wòdi be yeagbugbɔ yeƒe anyigba axɔ le Israelviwo si, esime Israel ɖu edzia? Kpao!
現在,難道你比摩阿士王漆頗爾的兒子巴拉克還強麼﹖他何曾與以色列爭鬥過,或者與他們交戰過﹖
26 Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o?
以色列住在赫市朋及其附近村鎮,阿洛厄爾及其附近村鎮,阿爾農河沿岸各城鎮裏,已有三百年之久,為什麼在這期間,你們沒有收回呢﹖
27 Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’”
所以我並沒有得罪你,而你竟要加害我,與我交戰;願裁判者上主今天在以色列子民與阿孟子民中間判斷是非! 」
28 Amon fia meɖo to Yefta ƒe nya la o.
但是阿孟子民的君王不肯聽從依弗大向他傳報的這些話。依弗大許願
29 Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ.
那時上主的神降於依弗大身上,他就走遍基肋阿得和默納協,來到基肋阿得的米茲帕,又從基肋阿得的米茲帕,到了阿孟子民那裏。
30 Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be, “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la,
依弗大向上主許願說:「若你把阿孟子民交於我手中,
31 nu sia nu si ado to nye aƒe ƒe agbo me ava kpem ne meɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ la, anye Yehowa tɔ eye matsɔe asa numevɔe nɛ.”
當我由阿孟子民那裏平安回來時,不論誰由我家門內出來迎接我,誰就應歸上主,我要把他獻作全燔祭。」
32 Yefta kplɔ eƒe aʋakɔ wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yehowa na Israel ɖu dzi
於是依弗大到阿孟子民那裏與他們交戰,上主把他們交在他手中,
33 eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi.
於是他從阿洛厄爾擊殺他們直到米尼特,直到阿貝耳革辣明,共二十座城,實在是一場大追擊戰;於是阿孟子民在以色列子民前區服了。依弗大還願
34 Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o.
依弗大回到米茲帕自己家中時,看,他的女兒出來,擊鼓跳舞前來迎接他。她是依弗大的獨生女,除她以外,沒有別的子女。
35 Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”
當依弗大一見了她,就撕破衣服說:「哎呀! 我的女兒,你真使我苦惱,太叫我作難了! 因為我對上主開過口不能收回。」
36 Eɖo eŋu nɛ be “Fofonye, èɖe adzɔgbe na Yehowa; wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amonitɔwo.
她回來他說:「我的父親,你既然對上主開過口,就照你說出的對待我罷! 因為上主已對你的敵人阿孟子民,為你報了仇。」
37 Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.”
她又向父親說:「請你許我一件事:給我兩個月的期限,讓我與我的伴侶到山上去,哀哭我的童貞。」
38 Yefta ɖe mɔ nɛ eye wòyi toawo dzi; eya kple xɔlɔ̃awo nɔ afi ma kple konyifafa ɣleti eve.
他答應說:「你去罷! 」就讓她離去兩個月的時間。她就去了,與她的伴侶在山上哀哭自己的童貞。
39 Le esia megbe la, etrɔ va aƒe eye Yefta wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, ale ɖetugbi la meɖe srɔ̃ o. Tso gbe ma gbe dzi la, ezu kɔnu le Israelviwo dome
過了兩個月,她回到父親那裏,父親就在她身上還了所許的願;她還沒有認識男子。於是在以色列成為一種風俗:
40 be ɖetugbiwo nayi aɖanɔ toawo dzi ŋkeke ene ƒe sia ƒe afa konyi le Yefta, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnuvi ta.
每年以色列少女要哀弔基肋阿得人依弗大的女兒,一年四天。