< Ʋɔnudrɔ̃lawo 10 >

1 Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi.
亚比米勒以后,有以萨迦人朵多的孙子、普瓦的儿子陀拉兴起,拯救以色列人。他住在以法莲山地的沙密。
2 Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir.
陀拉作以色列的士师二十三年,就死了,葬在沙密。
3 Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve.
在他以后有基列人睚珥兴起,作以色列的士师二十二年。
4 Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”
他有三十个儿子,骑着三十匹驴驹。他们有三十座城邑,叫作哈倭特·睚珥,直到如今,都是在基列地。
5 Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon.
睚珥死了,就葬在加们。
6 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la,
以色列人又行耶和华眼中看为恶的事,去事奉诸巴力和亚斯她录,并亚兰的神、西顿的神、摩押的神、亚扪人的神、非利士人的神,离弃耶和华,不事奉他。
7 edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo,
耶和华的怒气向以色列人发作,就把他们交在非利士人和亚扪人的手中。
8 ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to.
从那年起,他们扰害欺压约旦河那边、住亚摩利人之基列地的以色列人,共有十八年。
9 Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ
亚扪人又渡过约旦河去攻打犹大和便雅悯,并以法莲族。以色列人就甚觉窘迫。
10 eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.”
以色列人哀求耶和华说:“我们得罪了你;因为离弃了我们 神,去事奉诸巴力。”
11 Yehowa ɖo eŋu be, “Ɖe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amonitɔwo, Filistitɔwo
耶和华对以色列人说:“我岂没有救过你们脱离埃及人、亚摩利人、亚扪人,和非利士人吗?
12 Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maonitɔwo ƒe asi me oa?
西顿人、亚玛力人、马云人也都欺压你们;你们哀求我,我也拯救你们脱离他们的手。
13 Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o.
你们竟离弃我,事奉别神!所以我不再救你们了。
14 Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!”
你们去哀求所选择的神;你们遭遇急难的时候,让他救你们吧!”
15 Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!”
以色列人对耶和华说:“我们犯罪了,任凭你随意待我们吧!只求你今日拯救我们。”
16 Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa.
以色列人就除掉他们中间的外邦神,事奉耶和华。耶和华因以色列人受的苦难,就心中担忧。
17 Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.
当时亚扪人聚集,安营在基列。以色列人也聚集,安营在米斯巴。
18 Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”
基列的民和众首领彼此商议说:“谁能先去攻打亚扪人,谁必作基列一切居民的领袖。”

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 10 >