< Yuda 1 >
1 Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:
Jude, a servant of Jesus Christ and a brother of James, To those who are called, loved by God the Father, and kept in Jesus Christ:
2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
Mercy, peace, and love be multiplied to you.
3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.
Beloved, although I made every effort to write to you about the salvation we share, I felt it necessary to write and urge you to contend earnestly for the faith entrusted once for all to the saints.
4 Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.
For certain men have crept in among you unnoticed—ungodly ones who were designated long ago for condemnation. They turn the grace of our God into a license for immorality, and they deny our only Master and Lord, Jesus Christ.
5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.
Although you are fully aware of this, I want to remind you that after Jesus had delivered His people out of the land of Egypt, He destroyed those who did not believe.
6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. (aïdios )
And the angels who did not stay within their own domain but abandoned their proper dwelling—these He has kept in eternal chains under darkness, bound for judgment on that great day. (aïdios )
7 Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu. (aiōnios )
In like manner, Sodom and Gomorrah and the cities around them, who indulged in sexual immorality and pursued strange flesh, are on display as an example of those who sustain the punishment of eternal fire. (aiōnios )
8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu.
Yet in the same way these dreamers defile their bodies, reject authority, and slander glorious beings.
9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”
But even the archangel Michael, when he disputed with the devil over the body of Moses, did not presume to bring a slanderous charge against him, but said, “The Lord rebuke you!”
10 Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.
These men, however, slander what they do not understand, and like irrational animals, they will be destroyed by the things they do instinctively.
11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.
Woe to them! They have traveled the path of Cain; they have rushed headlong into the error of Balaam; they have perished in Korah’s rebellion.
12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.
These men are hidden reefs in your love feasts, shamelessly feasting with you but shepherding only themselves. They are clouds without water, carried along by the wind; fruitless trees in autumn, twice dead after being uprooted.
13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene. (aiōn )
They are wild waves of the sea, foaming up their own shame; wandering stars, for whom blackest darkness has been reserved forever. (aiōn )
14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo,
Enoch, the seventh from Adam, also prophesied about them: “Behold, the Lord is coming with myriads of His holy ones
15 ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”
to execute judgment on everyone, and to convict all the ungodly of every ungodly act of wickedness and every harsh word spoken against Him by ungodly sinners.”
16 Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.
These men are discontented grumblers, following after their own lusts; their mouths spew arrogance; they flatter others for their own advantage.
17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi.
But you, beloved, remember what was foretold by the apostles of our Lord Jesus Christ
18 Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”
when they said to you, “In the last times there will be scoffers who will follow after their own ungodly desires.”
19 Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.
These are the ones who cause divisions, who are worldly and devoid of the Spirit.
20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
But you, beloved, by building yourselves up in your most holy faith and praying in the Holy Spirit,
21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee. (aiōnios )
keep yourselves in the love of God as you await the mercy of our Lord Jesus Christ to bring you eternal life. (aiōnios )
22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me.
And indeed, have mercy on those who doubt;
23 Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.
save others by snatching them from the fire; and to still others show mercy tempered with fear, hating even the clothing stained by the flesh.
24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;
Now to Him who is able to keep you from stumbling and to present you unblemished in His glorious presence, with great joy—
25 Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen. (aiōn )
to the only God our Savior be glory, majesty, dominion, and authority through Jesus Christ our Lord before all time, and now, and for all eternity. Amen. (aiōn )