< Yosua 1 >

1 Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena,
Now it came about after the death of Moses the servant of Yahweh, that Yahweh spoke to Joshua the son of Nun, Moses' chief assistant, saying,
2 “Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi.
“Moses, my servant, is dead. Now therefore, arise, cross over this Jordan, you and all this people, into the land that I am giving to them—to the people of Israel.
3 Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene.
I have given you every place where the sole of your foot will walk. I have given it to you, just as I promised to Moses.
4 Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
From the wilderness and Lebanon, as far as the great river, the Euphrates, all the land of the Hittites, and to the Great Sea, where the sun goes down, will be your land.
5 Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.
No one will be able to stand before you all the days of your life. I will be with you as I was with Moses. I will not abandon you or leave you.
6 “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.
Be strong and courageous. You will cause this people to inherit the land that I promised their ancestors I would give to them.
7 Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi.
Be strong and very courageous. Be careful to obey all the law my servant Moses commanded you. Do not turn from it to the right or to the left, so that you may be successful wherever you go.
8 Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi.
You will always speak about this book of the law. You will meditate on it day and night so that you can obey all that is written in it. Then you will be prosperous and successful.
9 Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”
Have I not commanded you? Be strong and courageous! Do not be afraid. Do not be discouraged. Yahweh your God is with you wherever you go.”
10 Azɔ Yosua gblɔ na aʋakplɔlawo be,
Then Joshua commanded the leaders of the people,
11 “Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’”
“Go through the camp and command the people, 'Prepare provisions for yourselves. In three days you will cross over this Jordan and go in and possess the land that Yahweh your God is giving you to possess.'”
12 Yosua gblɔ na Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe to ƒe afã bena,
To the Reubenites, the Gadites and the half tribe of Manasseh, Joshua said,
13 “Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,
“Call to mind the word that Moses the servant of Yahweh, commanded you when he said, 'Yahweh your God is giving you rest, and he is giving you this land.'
14 eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo.
Your wives, your little ones, and your livestock will stay in the land that Moses gave you beyond the Jordan. But your fighting men will go over with your brothers and help them
15 Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’”
until Yahweh has given your brothers rest just as he has given it to you. Then they also will take possession of the land Yahweh your God gives them. Then you will return to your own land and possess it, the land that Moses the servant of Yahweh gave you beyond the Jordan, where the sun rises.”
16 Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la.
Then they answered Joshua, saying, “All that you have commanded us we will do, and wherever you send us we will go.
17 Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene.
We will obey you just as we obeyed Moses. Only may Yahweh your God be with you, as he was with Moses.
18 Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”
Whoever rebels against your commands and disobeys your words will be put to death. Only be strong and courageous.”

< Yosua 1 >