< Yosua 9 >

1 Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.
ויהי כשמע כל המלכים אשר בעבר הירדן בהר ובשפלה ובכל חוף הים הגדול אל מול הלבנון--החתי והאמרי הכנעני הפרזי החוי והיבוסי
2 Dukɔ siawo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka enumake hena aʋawɔwɔ kple Yosua kple Israelviwo.
ויתקבצו יחדו להלחם עם יהושע ועם ישראל--פה אחד
3 Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.
וישבי גבעון שמעו את אשר עשה יהושע ליריחו--ולעי
4 Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo.
ויעשו גם המה בערמה וילכו ויצטירו ויקחו שקים בלים לחמוריהם ונאדות יין בלים ומבקעים ומצררים
5 Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu.
ונעלות בלות ומטלאות ברגליהם ושלמות בלות עליהם וכל לחם צידם יבש היה נקדים
6 Esi wova ɖo Israelviwo ƒe asaɖa me le Gilgal la, wogblɔ na Yosua kple Israelviwo be, “Míetso teƒe didi aɖe; míedi be míawɔ ŋutifafa kpli mi.”
וילכו אל יהושע אל המחנה הגלגל ויאמרו אליו ואל איש ישראל מארץ רחוקה באנו ועתה כרתו לנו ברית
7 Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.”
ויאמרו (ויאמר) איש ישראל אל החוי אולי בקרבי אתה יושב ואיך אכרות (אכרת) לך ברית
8 Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.” Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?”
ויאמרו אל יהושע עבדיך אנחנו ויאמר אליהם יהושע מי אתם ומאין תבאו
9 Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte
ויאמרו אליו מארץ רחוקה מאד באו עבדיך לשם יהוה אלהיך כי שמענו שמעו ואת כל אשר עשה במצרים
10 kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu,
ואת כל אשר עשה לשני מלכי האמרי אשר בעבר הירדן--לסיחון מלך חשבון ולעוג מלך הבשן אשר בעשתרות
11 eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’
ויאמרו אלינו זקינינו וכל ישבי ארצנו לאמר קחו בידכם צידה לדרך ולכו לקראתם ואמרתם אליהם עבדיכם אנחנו ועתה כרתו לנו ברית
12 Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu.
זה לחמנו חם הצטידנו אתו מבתינו ביום צאתנו ללכת אליכם ועתה הנה יבש והיה נקדים
13 Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.”
ואלה נאדות היין אשר מלאנו חדשים והנה התבקעו ואלה שלמותינו ונעלינו בלו מרב הדרך מאד
14 Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o.
ויקחו האנשים מצידם ואת פי יהוה לא שאלו
15 Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi.
ויעש להם יהושע שלום ויכרת להם ברית לחיותם וישבעו להם נשיאי העדה
16 Nyateƒe la va dze go le ŋkeke etɔ̃ megbe be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe te ɖe Israelviwo ŋu kpokploe.
ויהי מקצה שלשת ימים אחרי אשר כרתו להם ברית וישמעו כי קרבים הם אליו ובקרבו הם ישבים
17 Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim,
ויסעו בני ישראל ויבאו אל עריהם--ביום השלישי ועריהם גבעון והכפירה ובארות וקרית יערים
18 Ke Israelviwo metsrɔ̃ duawo o le adzɔgbe si Israelviwo ƒe kplɔlawo ɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la ta. Israelviwo do dɔmedzoe ɖe woƒe kplɔlawo ŋu le ŋutifafa ƒe nubabla la ta.
ולא הכום בני ישראל כי נשבעו להם נשיאי העדה ביהוה אלהי ישראל וילנו כל העדה על הנשיאים
19 Kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeka atam le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me be míawɔ nuvevi wo o, eya ta míaka asi wo ŋu hã o.
ויאמרו כל הנשיאים אל כל העדה אנחנו נשבענו להם ביהוה אלהי ישראל ועתה לא נוכל לנגע בהם
20 Ele be míana woanɔ agbe, elabena ne mietu míaƒe atam la la, Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.”
זאת נעשה להם והחיה אותם ולא יהיה עלינו קצף על השבועה אשר נשבענו להם
21 Ale Gibeontɔwo zu kluviwo na Israelviwo, wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na wo.
ויאמרו אליהם הנשיאים יחיו ויהיו חטבי עצים ושאבי מים לכל העדה כאשר דברו להם הנשיאים
22 Yosua yɔ Gibeon ƒe kplɔlawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta mieble mí be miaƒe anyigba le didiƒe, le afi aɖe ke, le esime wònye ele kpuiƒe, afi sia ko le mía dome ɖo?
ויקרא להם יהושע וידבר אליהם לאמר למה רמיתם אתנו לאמר רחוקים אנחנו מכם מאד ואתם בקרבנו ישבים
23 Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.”
ועתה ארורים אתם ולא יכרת מכם עבד וחטבי עצים ושאבי מים--לבית אלהי
24 Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.
ויענו את יהושע ויאמרו כי הגד הגד לעבדיך את אשר צוה יהוה אלהיך את משה עבדו לתת לכם את כל הארץ ולהשמיד את כל ישבי הארץ מפניכם ונירא מאד לנפשתינו מפניכם ונעשה את הדבר הזה
25 Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.”
ועתה הננו בידך כטוב וכישר בעיניך לעשות לנו עשה
26 Yosua meɖe mɔ na Israelviwo be woawu Gibeontɔwo o,
ויעש להם כן ויצל אותם מיד בני ישראל ולא הרגום
27 ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe.
ויתנם יהושע ביום ההוא חטבי עצים ושאבי מים--לעדה ולמזבח יהוה עד היום הזה אל המקום אשר יבחר

< Yosua 9 >