< Yosua 8 >

1 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi.
以後上主對若蘇厄說:「你不要害怕! 不要膽怯,只管率領所有的軍民,前去進攻哈依城。看,我已將哈依王,百姓、城池和土地,都交在你手中。
2 Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”
你要對待哈依城和哈依王,如同對待耶利哥和耶利哥王一樣;只有城中的戰利品和牲畜,你們可據為己有。你應在城後面,設下攻城的伏兵。」
3 Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me;
若蘇厄於是與所有的軍兵前去進攻哈依城。若蘇厄選了三萬精兵,派他們黑夜出發,
4 egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.”
吩咐他們說:「你們要注意,在城那邊,即在城後面埋伏下,不可離城太遠,個個都要戒備。
5 Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene.
我和我率領的人,向城推進;當他們像前次一樣出來迎擊我們時,我們就由他們前面逃走。
6 Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’
他們一定出來追趕我們。我們將他們誘出城來,他們必說:這些像前次一樣,又由我們面前逃走了。我們就由他們前面逃走。
7 Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí.
那時你們應從埋伏的地方出來,佔領城市,上主你們的天主必將這城交在你們手中。
8 Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”
你們一佔領了城,就放火焚燒,全照上主的話執行。你們應注意我吩咐你們的事。」
9 Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko.
若蘇厄就打發他們去了。他們便開到埋伏的地方,停在貝特耳和哈依之間,在哈依西面。那中夜若蘇厄便在百姓中過了夜。
10 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai.
若蘇厄清早起來,點齊軍民;然後與與以色列的長老,在軍人前頭向哈依城進發。
11 Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome.
跟隨他的所有軍人也都一齊進發,迫近城下,在哈依北面紮了營。原來在他和哈依中間隔著一個山谷。
12 Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome.
若蘇厄調了約五千人,令他們埋伏在貝特耳和哈依之間,即在哈依西面。
13 Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me.
這樣城北的軍民和城西的伏兵,都嚴陣以待。當夜若蘇厄就在谷中過了夜。
14 Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o.
哈依王一見這情形,便和全城的人急忙起來,到了面對阿拉巴的山坡,要和以色列人交戰,但他沒有料到城後面還有伏兵。
15 Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene.
若蘇厄和以色列人在他們面前詐敗,沿著往曠野的路奔逃,
16 Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me;
城中的人盡被徵調,在後追趕。當他們若蘇厄時,都被誘出城來;
17 asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa.
在哈依和貝特耳沒有留下一個人不出來追趕以色列人的。他們拋下敞開的城門,都去追趕以色列人。
18 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema.
這時上主對若蘇厄說:「將你手中的短劍指向哈依城,因為我即將這城交於你手中。」若蘇厄便將手中的短指向哈依城。
19 Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe.
他一伸手,伏兵即由他們埋伏的地方奮起,衝向城中,將城佔領,急速放火焚燒。
20 Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ.
哈依人回頭,看見城內濃煙沖天,都沒有了往前後逃跑的力量,因為此時向曠野奔逃的以色列人,忽然轉過身來還擊追趕自己的哈依人。
21 Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me.
若蘇厄和全以色列見伏兵已奪了城,城內煙氣上騰,便轉身回來擊殺哈依人。
22 Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o,
伏兵也由城內出來夾擊,哈依人便包圍在以色列人中間,前後受敵;以色列人將他們完全殺盡,沒有留下一個,也沒有逃走一個。
23 negbe Ai fia, ame si wolé kplɔ vɛ na Yosua.
他們生摛了哈依王,把他解到若蘇厄面前。
24 Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me.
以色列人在曠野的平原上,殺盡了追趕自己的一切哈依居民,哈依人全都死於刀下;以後,全以色列人又回到哈依,殺盡城中的人。
25 Ale wowu ame akpe wuieve siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe.
那天被殺的人,男女共計一萬二千,都是哈依人。
26 Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa.
若蘇厄在沒有殺盡哈依的一切居民前,一直沒有收回自己手中所持的短劍。
27 Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo.
惟有城中的牲畜和財物,以色列人依照上主吩咐若蘇厄的話,據為己有。
28 Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe.
然後若蘇厄焚毀哈依城,使之永遠成為廢墟,時至今日,仍是一片荒涼;
29 Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.
又將哈依王懸在樹上,直到黃昏;日落時,若蘇厄令人將他的死屍從樹上卸下,丟在城門口,在他身上又 堆石頭,直存到今日。
30 Le esia megbe la, Yosua tu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖe Ebal to la gbɔ
那時,若蘇厄在厄巴耳山,為上主以色列的天主,築了一座祭壇;
31 abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi.
全照上主的僕人梅瑟向以色列子民所吩咐的,全照梅瑟法律書上所記載的,用沒有用過的整塊石頭,築了一座祭壇,在上面向上主獻了全燔祭,祭殺了和平祭犧牲。
32 Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume.
若蘇厄又在那裏將梅瑟當著以色列子民的面所寫的法律,刻在石頭上。
33 Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene.
以色列全體民眾和他們的長老、領袖、判官,連僑居的人和土生的人,一半向著革黎斤山,一半向著厄巴耳山,正如上主的僕人梅瑟,當初為祝福以色列百姓所命令的。
34 Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo.
以後若蘇厄將法律上祝福和詛咒的一切話,全照法律書上所記載的,宣讀了一遍。
35 Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.
凡梅瑟所吩咐的一切話,若蘇厄在以色列全會眾前,連婦孺和寄居在他們中的外僑在內,沒有一句不向他們宣讀。

< Yosua 8 >